Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 2:1 - Agbenya La

1 Ke azɔ la, nye ŋutɔ meɖoe be nyemagava mia gbɔ kple nu si agahe nuxaxa vɛ na mi o,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ke nye ŋutɔ meɖo tame bena, magatsɔ nuxaxa ava mia gbɔ o.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 2:1
13 Mawu Ofanana  

Le esia ta xɔsetɔwo ɖo be yewoadzɔ nu, aɖo ɖe yewo nɔvi Kristotɔ siwo le Yudea eye ame sia ame nadzɔ nu abe ale si wòate ŋui ene.


Paulo kple Barnabas melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o, ale wohe nya kple ame siawo vevie. Mlɔeba la, Antioxia Hame la ɖe hametɔ aɖewo kpe ɖe Paulo kple Barnabas ŋu heɖo wo ɖe Yerusalem be woaɖadzro nya sia me kple Apostoloawo kple hamemegãwo, anya woƒe susu le eŋu ava gblɔ na yewo.


Barnabas lɔ̃, ke edi be yewoakplɔ Yohanes si woyɔna be Marko la akpe ɖe yewo ɖokui ŋu.


elabena meɖoe kplikpaa be nyemagblɔ nya boo aɖeke wu esi ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ku le atitsoga ŋuti la ŋu o.


Kae adze mia ŋu wu, be mava mia gbɔ kple ameƒoti loo alo be mava le lɔlɔ̃ kple tufafa me?


Togbɔ be nyemele mia gbɔ le afi ma o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me. Mebua ta me vevie le nu sia ŋu eye le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me la, meɖo kpe nu si wòle be miawɔ la dzi abe ɖe mele mia dome ene.


Azɔ la, meyɔ Mawu tso nye dzi me ke abe ɖasefo ene be nu si gblɔm mele na mi la nye nyateƒe tututu; susu si ta nyemetrɔ va Korinto haɖe o lae nye be nyemedi be mava ka mo na mi, eye mawɔe be miaxa nu o.


Mele nu sia ŋlɔm na mi kple mɔkpɔkpɔ be ne meva ɖo la, magahiã be mahe nya ɖe mia ŋu alo ahe to na ame aɖeke o, elabena nye didie nye be mawɔ ŋusẽ si Aƒetɔ la nam la ŋuti dɔ atsɔ atu mi ɖo le xɔse me. Ke menye be matsɔe aɖiɖi mi ɖe anyi o.


Nuxaxa kple vevesese geɖe nɔ nye dzi me, eye aɖatsi ge le mo nam gɔ̃ hã le agbalẽ ma ŋɔŋlɔ me, eye menye ɖe meŋlɔ agbalẽ la be mana miaxa nu o. Ke boŋ meŋlɔe be mana miadze si ale si melɔ̃ mi vevie.


Mele eɖom be maɖo Artema alo Tikiko ɖe wò. Ne wo dometɔ ɖeka va ɖo la, dze agbagba nàdo gom le Nikopoli kaba abe ale si nàte ŋui ene, elabena meɖo be manɔ afi ma le vuvɔŋɔli la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa