2 Korintotɔwo 13:5 - Agbenya La5 Mido mia ɖokuiwo kpɔ be miele xɔse me vavã mahã? Nenema ke midzro mia ɖokuiwo me. Ɖe miekpɔ dze sii be Kristo Yesu le mia me oa? Negbe ɖe mieto xɔse ƒe dodokpɔ la me o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19135 Mite mia ɖokui kpɔ, abe ɖe miele xɔse me ene; mido mia ɖokui kpɔ! Alo ɖe miedze si mia ɖokui bena, Yesu Kristo le mia me oa? Negbe ɖeko mieli ke o. Onani mutuwo |
Nu ɖeka si ku ɖe nu sia ŋuti la koe nye be miaxɔ nyateƒe la dzi ase blibo, abe ame siwo gɔme woɖo anyi eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyui la ƒe mɔkpɔkpɔ si miese la gbɔ o. Esia nye nukunya kple nya si va na mi katã, eye wòle kakam ɖe xexe blibo la katã me fifia. Eye enye dzidzɔ na nye, Paulo, be masubɔ agblɔ nya sia na ame bubuwo.