Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 13:1 - Agbenya La

1 Esia anye zi etɔ̃lia mava mia gbɔ. Azɔ abe ale si woŋlɔe ɖe mawunya me ene la, “Woaxɔ nya si ame aɖe tsɔ ɖe nɔvia ŋu la to ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe kpeɖodzi me.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Zi etɔ̃lia enye si megbɔna mia gbɔ; ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu woaƒo nya sia nya ta le.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 13:1
11 Mawu Ofanana  

Ne èle nu ƒom kplii ko la, mava ɖo kpe nya si gblɔm nèle la dzi.”


eye miadi ame vlo eve siwo aka aʋatso ɖe Nabɔt si, atso enu be eƒo fi de Mawu kple fia la. Ekema miakplɔe do goe le dua me eye miaƒu kpee wòaku.”


Ame eve aɖe siwo si dzitsinya nyui menɔ o la ka aʋatso ɖe Nabɔt si be eƒo fi de Mawu kple fia la. Ale wohee yi dua godo eye woƒu kpee wòku.


“ ‘Ele be woawu hlɔ̃dolawo katã, gake ele be ɖasefowo nasɔ gbɔ wu ɖeka. Womawu hlɔ̃dola aɖeke si ŋu ɖasefo ɖeka pɛ ko ɖi ɖase le o.


Ke nenye be wògbe meɖo to wò o la, kplɔ nɔviwò bubu ɖeka alo eve ɖe asi ne miayi egbɔ ake, be ame siawo naɖu ɖasefo na wò.


Azɔ la, zi etɔ̃liae nye esia megbɔna mia gbɔ, eye le nye vava me hã la, nyematsɔ dzinyekpɔkpɔ ƒe agba aɖo mia dzi o, elabena nyemele miaƒe ga dim o, ke boŋ miawo ŋutɔ dim mele. Vinyewo mienye, eye menye viwoe wòle be woadi nuɖuɖu na wo dzilawo o. Dzilawoe wòle be wòakpɔ wo viwo dzi.


Ke mègawu ame aɖeke le ɖasefo ɖeka pɛ ko ƒe ɖaseɖiɖi ta o. Ele be ɖasefoawo nade eve alo etɔ̃ kokoko.


“Mègabu fɔ ame aɖeke le ɖasefo ɖeka ko ƒe ɖaseɖiɖi ta o. Ele be ɖasefoawo nade eve godoo; anyo wu ne woade etɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa