2 Korintotɔwo 12:9 - Agbenya La9 Ke ɣe sia ɣi la, Aƒetɔ la gblɔna nam be, “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò, elabena meɖea nye ŋusẽ fiana to ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la dzi.” Eya ta enye dzidzɔ nam be maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, ale be Kristo ƒe ŋusẽ blibo la katã nadze le menye. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19139 Eye wògblɔ nam bena: Nye amenuveve so gbɔ na wò; elabena nye ŋusẽ zu blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Eyata mele lalam wu bena, maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, bene Kristo ƒe ŋusẽ nana dzinye. Onani mutuwo |
Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe ta me edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe ta me nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi, elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi, eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me.