Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 12:18 - Agbenya La

18 Alo ɖe Tito kple nɔvi si medɔ ɖo ɖe mia gbɔ la va ba mia? Gbeɖe, elabena menya nyuie be mí katã la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ɖeka koe le mía me, eye nu ɖeka tɔgbi mí katã míewɔna.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Mexlɔ̃ nu Tito, eye medɔ eya kple nɔvi la ɖo ɖa. Alo ɖe Tito ba mia? Menye gbɔgbɔ ma ke me miezɔ le oa? Menye afɔɖoƒe ma ke me miezɔ le oa?

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 12:18
13 Mawu Ofanana  

Le ƒe wuieve siwo me menye mɔmefia na Yuda, tso Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me va se ɖe ƒe blaetɔ̃-vɔ-evelia me la, nye kple nye kpeɖeŋutɔwo siaa míexɔ fetu aɖeke alo kpekpeɖeŋu aɖeke tso Israelviwo gbɔ o.


Mose do dɔmedzoe vevie, eye wògblɔ na Yehowa be, “Mègaxɔ woƒe vɔsawo o! Nyemefi woƒe tedzi gɔ̃ hã kpɔ o, eye nyemewɔ nuvevi aɖeke wo dometɔ aɖeke kpɔ hã o.”


Abraham ganye ame siwo katã wotso aʋa na la fofo, ame siwo mexɔ aʋatsotso ɖeɖe ko o, ke boŋ wonɔ agbe le xɔse me abe ale si mía fofo Abraham hã nɔ agbee hafi wotso aʋa nɛ ene.


Kae adze mia ŋu wu, be mava mia gbɔ kple ameƒoti loo alo be mava le lɔlɔ̃ kple tufafa me?


Le míaƒe dɔwɔwɔ me kpli mi la, míekplɔ ame aɖeke to mɔtatra aɖeke dzi o, míeba ame aɖeke alo gblẽ ame aɖeke ƒe naneke o, eya ta miʋu miaƒe dziwo ƒe ʋɔtruwo ne miaxɔ mí ɖe wo me.


Ke Mawu, ame si ŋutɔ dea dzi ƒo na ame siwo ƒo dzi ɖe le la de dzi ƒo na míawo hã esi Tito va ɖo mía gbɔ.


Esia ta míebia tso Tito, ame si de dzi ƒo na mi le yayra si le nunanadɔ si gɔme miedze me la si be wòayi edzi ade dzi ƒo na mi be miawu amenuvedɔ sia nu le mia dome.


Esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, elabena Kristo kpe fu ɖe mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze eyome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa