Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 12:16 - Agbenya La

16 Ame aɖewo le mia dome le gbɔgblɔm be, “Enye nyateƒe be ne eɖi tsa va kpɔ mí la, míegblẽa ga aɖeke ɖe eŋuti o, gake Paulo sia ayetɔe wònye le mía blem. Le nyateƒe me la, anya to mɔ aɖe dzi kokoko wɔ ga le mía ŋuti.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke anɔ nenem, nyemenye agba na mi o; ke esi menya aɖaŋu ŋutie, melé mi le aɖaŋu me.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 12:16
11 Mawu Ofanana  

Ke míawo hã, adegbe si míaƒe dzitsinya nana míeƒona lae nye be míeléa mía ɖokuiwo nyuie le xexe sia me, eye le mia dome hã la, míewɔ mía ɖokuiwo dzadzɛe, eye míetoa nyateƒe le nu sia nu me. Ke menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ mee míewɔ esiawo le o, ke boŋ wo katã tso Mawu ƒe amenuveve me.


Mielɔ̃ wotsɔ mi wɔ kluviwoe, woɖoa nu siwo menyo o la na mi miewɔna, wona miekpɔ wo dzi, wowɔa wo ɖokuiwo glodzoo eye wokaa mo na mi ɖe madzɔmadzɔ dzi gake miekea nu o.


Nu ka me gɔ̃ mietsi megbe le le hame susɔeawo ŋu? Nu si ko nyemewɔ le mia gbɔ o, evɔ mewɔe le hame bubuwo me lae nye be nyemenye agba na mi o. Mitsɔ nu madzɔmadzɔ sia kem!


Ke míegbea nu le vivitimenuwɔnawo kple ŋukpenanuwɔwɔwo gbɔ. Míeblua afɔ na Mawu ƒe nya la o, ke boŋ míegblɔa nyateƒenya vavãtɔ la na ame sia ame. Míegbe nu le alakpadada gbɔ helé nyateƒe la ko me ɖe asi be amewo nanya le woƒe dzi me be míenye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋkume.


Nenye be amewo de bubu mía ŋu alo do ŋukpe mí, nenye be wodzu mí alo kafu mí, eye wose nyateƒe si gblɔm míele, gake wogbe be yewomaxɔe o, eye wobu mí abe alakpatɔwo ene hã la, Aƒetɔ la ko míanɔ agbe na.


Le míaƒe dɔwɔwɔ me kpli mi la, míekplɔ ame aɖeke to mɔtatra aɖeke dzi o, míeba ame aɖeke alo gblẽ ame aɖeke ƒe naneke o, eya ta miʋu miaƒe dziwo ƒe ʋɔtruwo ne miaxɔ mí ɖe wo me.


Eya ta miakpɔe adze sii be míele mawunya gblɔm ɖe didi vɔ̃wo alo tameɖoɖo vɔ̃wo ta o, ke boŋ míele egblɔm le anukwareɖiɖi kple dzitsinya nyui me,


Abe ale si mienya nyuie ene la, míedze agbagba zi ɖeka pɛ hã kpɔ be míahe mi va mía gbɔe to mia nu beble me o, eye Mawu ŋutɔ hã nya be menye ɖe míebua be míenye mia xɔlɔ̃wo ale be miana ga mí o.


azɔ esi mieɖɔe kpɔ, henya be Aƒetɔ la nyo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa