2 Korintotɔwo 12:14 - Agbenya La14 Azɔ la, zi etɔ̃liae nye esia megbɔna mia gbɔ, eye le nye vava me hã la, nyematsɔ dzinyekpɔkpɔ ƒe agba aɖo mia dzi o, elabena nyemele miaƒe ga dim o, ke boŋ miawo ŋutɔ dim mele. Vinyewo mienye, eye menye viwoe wòle be woadi nuɖuɖu na wo dzilawo o. Dzilawoe wòle be wòakpɔ wo viwo dzi. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191314 Mikpɔ ɖa, esiae nye zi etɔ̃lia medzra ɖokuinye ɖo bena, mava mia gbɔ, eye nyemanye agba na mi o; elabena nyemele miaƒe nuwo dim o, ke mia ŋutɔwo dim mele boŋ. Elabena medze bena, viwo natu nuwo ɖo na wo dzilawo o, hafi dzilawo natu nuwo ɖo na viwo boŋ. Onani mutuwo |
Miewɔnɛ abe ale si wòdze ene na nyagblɔla bubuawo. Ke míawo la, togbɔ be ele be miakpɔ mía dzi hã la, míebia naneke mi kpɔ gbeɖe o. Ke boŋ míawo ŋutɔ míekpɔa mía ɖokuiwo dzi ɣe sia ɣi. Míelĩ fe ame aɖeke kpɔ o, elabena míele vɔvɔ̃m be ne míewɔ esia la, dzi aɖe le mia ƒo eye miagbɔdzɔ le Kristo ƒe nyanyui si míetsɔ vɛ na mi la ŋuti.