2 Korintotɔwo 12:10 - Agbenya La10 Esi menya be Kristo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu wònye be nu sia nadzɔ ɖe dzinye ta la, mekpɔa dzidzɔ be “ŋu” sia le nye ŋutilã me. Mekpɔa dzidzɔ hã be amewo dzuam, tia nye agbe yome, eye meɖoa xaxa kple hiã geɖe me, elabena mekpɔa ŋusẽ to gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye zi ale si megbɔdzɔ la, zi nenema ke mesẽa ŋue. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191310 Eyata mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu. Onani mutuwo |
Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖe amewo katã ta lae nye be mí ame siwo le agbe fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si nye agbe mavɔ la me la, míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu ko.