Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 11:25 - Agbenya La

25 Romatɔwo hã ƒom zi etɔ̃ kple gakawo, eye woƒu kpem zi ɖeka. Menɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃ sɔŋ; ɣe aɖe ɣi gɔ̃ hã la, mege dze atsiaƒu me, eye menɔ atsiaƒu gbana la me zã ɖeka kple ŋkeke ɖeka.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 zi etɔ̃ woƒom kple atiwo, zi ɖeka woƒu kpem; menɔ ʋu me wògba zi etɔ̃, zã kple keli menɔ ƒutsotsoewo nu.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 11:25
12 Mawu Ofanana  

Woatsɔm ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye amewo aɖu fewu le ŋunye. Woaklãm ɖe atitsoga ŋu maku, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mafɔ.”


Ke agbledzikpɔlawo dze ame dɔdɔawo dzi wu ɖeka, ƒo ɖeka vevie, eye woƒu kpe etɔ̃lia.


Ke le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Yudatɔ aɖewo gatso Antioxia kple Ikonio va do ɖe Listra, eye wogade ʋunyaʋunya dua me tɔwo me ɖe Paulo ŋu. Amehawo ho ɖe Paulo ŋu, ƒu kpee va se ɖe esime wòku ƒenyi, eye wohee do goe le dua me, elabena wobu be eku.


Ke ame siwo menye Yudatɔwo o, kpakple Yudatɔwo kple woƒe dumegãwo wɔ ɖoɖo be yewoadze Paulo kple Barnabas dzi aƒu kpe wo, awɔ nu vevi wo.


Le zã ma ke me la, gaxɔdzikpɔla klɔ woƒe abiwo na wo, eye enumake wode mawutsi ta na eya kple eƒe aƒe blibo la.


Ke Paulo gblɔ na kpovitɔwo be, “Woƒo mí le dutoƒo ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e togbɔ be míenye Romatɔwo hã; wode mí gaxɔ me, ke azɔ la, woaɖe mí ado goe le adzamea? Gbeɖe! Ɖeko woawo ŋutɔ nava hafi woakplɔ mí adoe.”


Ale asrafowo ƒe amegã ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi xɔa mee, aƒoe kple atam va se ɖe esime wòato nyateƒe be yenya nu si tututu ta ameha la do dziku ɖe ye ŋu nenema ɖo.


Lé wò xɔse si le Kristo me la ɖe asi sesĩe, eye ɣe sia ɣi la, wò dzitsinya nanɔ dzadzɛe, eye nàwɔ nu si nènya be enyo la ko. Elabena ame aɖewo gbe toɖoɖo woƒe dzitsinya, eye wowɔ nu si wonya nyuie be mele be woawɔ o. Ale mewɔ nuku be esi wogbe Mawu nenema la, wobu woƒe xɔse si le Yesu Kristo me la o.


Woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa ɖe eve, eye wowu wo kple yi. Wonɔ yiyim le alẽgbalẽwuwo kple gbɔ̃gbalẽwuwo me le ahedada gã aɖe me. Woti wo yome, eye wosẽ ŋuta le wo ŋu,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa