2 Korintotɔwo 11:20 - Agbenya La20 Mielɔ̃ wotsɔ mi wɔ kluviwoe, woɖoa nu siwo menyo o la na mi miewɔna, wona miekpɔ wo dzi, wowɔa wo ɖokuiwo glodzoo eye wokaa mo na mi ɖe madzɔmadzɔ dzi gake miekea nu o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191320 Elabena ne amea ɖe wɔ mi kluviwo, ne amea ɖe ɖu mi keŋ, ne amea ɖe lé mi, ne amea ɖe do eɖokui ɖe dzi, ne amea ɖe ƒo mo na mi la, miedoa dzi tsɔnɛ. Onani mutuwo |
Míetsɔa Mawu ƒe ŋusẽ sia ɖua nya vlo siwo katã amegbetɔwo gblɔna ɖe Mawu ŋuti la dzi, eye eyae míetsɔna gbãa nugɔmemasemase ƒe gli si wòtu ƒo xlã amewo be woagadze si Mawu o. Eye to ŋusẽ sia me la, míeléa ame si dze aglã ɖe Mawu ŋuti la kluvii be wòatrɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye míetrɔa eƒe susuwo be wòaɖo to Kristo.