Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 11:16 - Agbenya La

16 Megale kuku ɖem na mi be migabu be ɖe nyemenya ale si maƒo nu abe ame mawo ene o, eye nenye be nyemenya ale si maƒo nu abe woawo ene o hã la, miɖe mɔ nam be maƒo nu abe abunɛtɔ ene, eye nye hã maƒo adegbe vie abe woawo ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Megale egblɔm bena, amea ɖeke nagabum bometsila o; ke ne miebum nenema la, ekema mixɔm abe bometsila ene, bene nye hã maƒo adegbe le ɖokuinye ŋuti vie.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 11:16
7 Mawu Ofanana  

Mexɔ se be miagbɔ dzi ɖi ase nye movinya siwo gblɔm mele na mi. Miɖo to ne magblɔ nye dzimenyawo na mi.


Miebe nunyalawoe yewonye, gake mieɖoa to bometsinyawo dzidzɔtɔe.


Adegbe siwo katã ƒom mele la mehiã o. Movinyawo sɔŋ ko wonye, gake mele edzi yi ge. Mina maƒo nu le Aƒetɔ la ƒe ŋutegawo kple ɖeɖefiawo ŋu.


Miaƒe nuwɔnae na be meƒo nu, do ɖokuinye ɖe dzi abe bometsila ene. Evɔ la, miawoe wòle be miakafum, ke menye nye ŋutɔ wòle be makafu ɖokuinye hafi o, eye togbɔ be nyemele naneke me o hã la, naneke mele miaƒe apostolo mawo si si mele asinye o.


Nu geɖewo ŋutɔ li siwo ŋu maƒo adegbe le, eye ne mewɔ esia la, mawɔm movitɔe o; elabena wonye nyateƒe. Ke nyemawɔe o, be amewo nabum amegãe wu ame si ŋutɔ menye o, ke boŋ be woakpɔ nu si wòdze be woakpɔ le nye agbenɔnɔ kple gbeƒã si ɖem mele la me.


Ne nya siawo sese ɖi le miaƒe towo me abe ɖe míaƒe susuwo da ene la, ekema le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la tae. Ke ne miedze sii be míaƒe nyawo meɖi ame siwo ƒe tagbɔ tɔtɔ tɔ o la, ekema aɖe vi geɖe na mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa