Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 11:15 - Agbenya La

15 Eya ta menye nu wɔnuku aɖeke wònye kura be Satana ƒe dɔlawo trɔ wo ɖokuiwo abe Kristo ƒe dɔlawo ene o, gake le nuwuwu la, woahe to na wo ɖe woƒe nuwɔnawo ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eyata ne eƒe dɔlawo trɔa wo ɖokui abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔlawo ene la, menye nu gã o; amesiawo ƒe nuwuwu ana ɖe woƒe dɔwɔwɔwo nu.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 11:15
30 Mawu Ofanana  

Naaman ƒe dɔlawo yi egbɔ eye wogblɔ nɛ be, “Fofonye, nenye ɖe nyagblɔɖila la gblɔ na wò be nàwɔ nu sesẽ aɖe la, màwɔe oa? Kaka wòhenye be wògblɔ na wò be, ‘Yi nàle tsi eye wò ŋuti nakɔ!’ ”


ale Yehowa gblɔe nye esi: Mahe to na Semaya, Nehelamitɔ kple eƒe dzidzimeviwo katã, eƒe ƒometɔ aɖeke masusɔ ɖe eƒe amewo dome alo akpɔ nu nyui si mawɔ na nye dukɔ la o, elabena egblɔ nya be woadze aglã ɖe ŋutinye.’ ” Yehowae gblɔe.


Nyagblɔɖilawo gblɔ aʋatsonyawo ɖi. Nunɔlawo le nuwo wɔm le woawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me eye wòdze nye dukɔ ŋu alea. Ke nu ka nàwɔ le nuwuwu?”


Esi mietsɔ alakpa ɖe dzi le ame dzɔdzɔewo ƒo le esime nyemeda nuxaxa ɖe wo dzi o, eye esi miedo ŋusẽ ame vɔ̃ɖiwo be womagaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃ɖiwo ŋu o, ale be woaɖe woƒe agbe o ta la,


“Wò Abosam ƒe vi, ame vɔ̃ɖi, wò ameflula si léa fu nu nyui ɖe sia ɖe, ɣe ka ɣie nàdzudzɔ tsitretsitsi ɖe Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔe la ŋu?


Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ku ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu.


Nu ka ta womagblɔ be, abe ale si ame aɖewo ka aʋatso ɖe mía si ene be míegblɔ be, “Mina míawɔ nu vɔ̃ be nu nyui nado tso eme” o ɖo? Enyo be woabu fɔ wo!


Míedo gbɔgbɔmenuku nyuiwo ɖe miaƒe dziwo me, eya ta ne míebia nuɖuɖu kple avɔtata tso mia gbɔ la, megblẽ kura o.


Nenɔ nyanya me na mi be menye Mawue dɔ aʋatsopostolo mawo o. Alakpatɔwo wonye, eye wodze agbagba ble mi be Kristo ƒe apostolowo yewonye.


(Megale nu ƒom dadatɔe abe ame si ƒe tagbɔ da ene.) Wobe Kristo ƒe subɔlawo yewonyea? Gake mesubɔa Kristo wu wo katã, eye mewɔ dɔ wu wo elabena le Kristo ta wodem gaxɔ me zi geɖe, woƒom kutɔkutɔe, eye ɣe aɖewo ɣi gɔ̃ hã la, medea tsiẽƒe gagbɔna.


Ne ŋutikɔkɔe geɖe ƒo xlã se siwo hea ku vɛ la, ekema ŋutikɔkɔe geɖe fũu ŋutɔe aƒo xlã nubabla yeye si Mawu wɔ, si kplɔa ame yia agbe mavɔ la me.


Elabena míele aʋa wɔm kple ŋutilã kple ʋu o, ke boŋ kple dziɖulawo, ŋusẽtɔwo, xexe sia me vivitimeŋusẽwo kpakple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.


Woƒe nuwuwu anye tsɔtsrɔ̃, woƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe ŋutikɔkɔe nye woƒe ŋukpe. Wobua ta me tso anyigbadzinuwo ko ŋu.


Nufiala siawo, le woƒe ŋukeklẽ me, atsɔ nya kpakpawo aɖe vi le mia ŋuti. Woƒe fɔbubu le ta dzi na wo tso blema ke, eye woƒe gbegblẽ medɔ alɔ̃ o.


Mele esia gblɔm, elabena ame aɖewo, ame siwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woŋlɔ da ɖi tso blema ke la va tra wo ɖokuiwo ɖe mia dome dzaa. Wonye mawumavɔ̃la, siwo trɔ míaƒe Mawu la ƒe amenuveve wòzu mɔɖeɖe na ŋunyɔnuwo wɔwɔ, eye wogbe nu le Yesu Kristo, míaƒe dziɖula ɖeka hɔ̃ɔ kple Aƒetɔ la gbɔ.


Le ŋusẽ si wonae be wòawɔ nukunuwo ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe ta la, eble anyigbadzitɔwo katã. Ede se na wo be woali legba abe bubudede lã wɔadã si ŋu wode abi kple yi, eye wògale agbe la ŋu ene.


Lã wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle, gake eƒe afɔwo nɔ abe sisiblisi tɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata tɔ ene. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na lã wɔadã la.


Woƒe fiae nye mawudɔla si le ʋe globo la dzi kpɔm, ame si ƒe ŋkɔe nye Abadon le Hebrigbe me kple Apolion le Grikgbe me (si gɔmee nye Nugblẽla).


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa