Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 11:12 - Agbenya La

12 Ke mawɔ nu si meɖo la dzi be matsɔ ɖe ke le miaƒe apostolo siwo le adegbe ƒom be yewo hã Mawu ƒe dɔ ko wɔm yewole abe míawo ke ene la te.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke nusi mewɔna la, mawɔe hã, bene mana mɔnukpɔkpɔ nu natso na amesiwo dia mɔnu, bene woakpɔ wo le nusi me woƒo adegbe le la me abe míawo hã ene.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 11:12
13 Mawu Ofanana  

“Ke eya ɖekae li, ame ka ate ŋu axe mɔ nɛ? Nu sia nu si dze eŋu lae wòwɔna.


Tso gbe ma gbe dzi la, Yuda de asi mɔ si dzi wòato ade Yesu asi na nunɔlagãwo la didi me.


Enye nublanui ŋutɔ be, togbɔ be nu dziŋɔ sia le edzi yim le mia dome hã la, miegale mia ɖokuiwo bum ame kɔkɔewoe. Mienyae be, “Deku ɖekae gblẽa bubuawo katã oa?” Eye ne mieɖe mɔ be ame ɖeka nawɔ nu vɔ̃ sia ɖe, magblẽ nu le ame bubuwo hã ŋu oa?


Miewɔnɛ abe ale si wòdze ene na nyagblɔla bubuawo. Ke míawo la, togbɔ be ele be miakpɔ mía dzi hã la, míebia naneke mi kpɔ gbeɖe o. Ke boŋ míawo ŋutɔ míekpɔa mía ɖokuiwo dzi ɣe sia ɣi. Míelĩ fe ame aɖeke kpɔ o, elabena míele vɔvɔ̃m be ne míewɔ esia la, dzi aɖe le mia ƒo eye miagbɔdzɔ le Kristo ƒe nyanyui si míetsɔ vɛ na mi la ŋuti.


Ɖewohĩ mianɔ biabiam be ɖe metrɔ ɖoɖo si mewɔ gbã la alo ɖe mele nu wɔm abe xexea me tɔ siwo menya Kristo o, ne nya la nye “ɛ̃” la, wogblɔna be, “ao” ene mahã?


Mawunya gblɔe be, “Ame sia ame si di be yeaƒo adegbe la naƒoe le nu si Aƒetɔ la wɔ la ko ŋu.”


Abe ale si ame geɖewo ƒoa adegbe be yewonye ame tɔxɛwo le xexea me ene la, nenema ke nye hã mele wɔwɔ ge fifi laa.


Esi menɔ mia gbɔ, eye nanewo va hiãm la, nyemebia mi o, ke boŋ kristotɔ siwo tso Makedonia va gbɔnye lae tsɔ nu siawo nu vɛ nam. Meɖoe be nyemanye agba na mi o, eya tae nyemebia pesewa ɖeka hã va se ɖe fifia o, eye nyemabia mi hã gbeɖegbeɖe o.


Menye mía ɖokui kafum míele alo menye mía ɖokui dom míele ɖe dzi o, ɖeko míedi be miada ɖe mía dzi abe ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe ame dɔdɔ vavãwo ene. Eye miate ŋu atsɔ mí aƒo adegbee alo aɖo nya ŋu na nufiala alakpatɔ siwo le mia dome, ame siwo ƒe susu koe nye be yewoƒe dzedzeme nanya kpɔ nyuie le amewo gbɔ ko, ke woƒe dziwo me do viviti tsiɖitsiɖi.


evɔ la, nyanyui bubu aɖeke megali wu esi míefia mi o. Ame siwo dzea ŋe Kristo ƒe nyateƒe la, eye wotrɔnɛ la le mia flum.


Eya ta mesusu be enyo na ahosi siwo metsi o la be woagaɖe srɔ̃, adzi viwo, eye woakpɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒe dzi. Ekema ame aɖeke mate ŋu agblɔ nya aɖeke ɖe wo ŋuti o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa