Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 11:11 - Agbenya La

11 Ame aɖe agblɔ be ɖe nyemelɔ̃ mi Kristotɔwo o, eya ta megblɔ esia ɖo, gake mele eme nenema o, elabena Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã nya be melɔ̃ mi vevie.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Nukaŋutie? Esi nyemelɔ̃a mi o taea? Mawue nyae!

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 11:11
15 Mawu Ofanana  

ɖe Mawu manya esi wònya dzimenu ɣaɣlawo katã oa?


Yesu gabiae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m mahã?” Biabia etɔ̃lia sia ve Petro, elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èlɔ̃m mahã?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ènya nu sia nu, eye ènya be melɔ̃ ye.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo.


Mawu si nya amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe dzi me la xɔ wo hena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wo abe ale si wòna míawo hã ene.


Mawu nya ale si medoa gbe ɖa enuenu ɖe mia tae. Metsɔa miawo kple miaƒe hiahiãwo yia gbedodoɖa me zã kple keli na ame si mesubɔna kple nye ŋusẽ katã, eye megblɔa Nyanyui la tsoa Via ŋu na ame bubuwo.


Abe ale si Kristo ƒe nyateƒe la le menye ene la, ame aɖeke mate ŋu atrɔ nye susu sia o, eye mana nɔvi siwo katã le Akaya nutowo me la hã nanya nu le esia ŋuti.


Mawu, ame si nye Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, eye wòdze kafukafu tso mavɔ me yi mavɔ me la hã nya be nyateƒe gblɔm mele.


Enye dzidzɔ nam be matsɔ ɖokuinye kple nu siwo le asinye la na mi be miatsi ɖe edzi le gbɔgbɔ me, gake zi ale si mele mia lɔ̃m ɖe edzi la, zi nenema ke miaƒe lɔlɔ̃ nam hã dzi le ɖeɖem kpɔtɔ.


Míawo la, míele abe ame siwo tsɔ mawunya la ɖo ŋgonu hele amewo blem, le ga xɔm le wo si la ene o. Esi wònye Mawue dɔ mí ta la, míeƒoa nu kple Kristo ƒe ŋusẽ la, eye Mawu ƒe ŋku le mía ŋu ɖaa.


Nyemele esiawo gblɔm be matsɔ fɔbubu aɖeke ada ɖe mia dzi o, elabena megblɔ va yi xoxo be mena teƒe mi le nye dzi me tegbee be manɔ agbe kpli mi, eye maku hã kpli mi.


Naneke mele nuwɔwɔ blibo la me si le ɣaɣla ɖe Mawu o. Woklo nu le nu sia nu dzi, eye wòle ƒeƒle le Mawu, ame si míava na akɔntae la ƒe ŋkume.


“Ŋusẽtɔ lae nye Yehowa, mawuwo dzi Mawu lae nya nu si ta míetu vɔsamlekpui la, eye míedi be miawo hã mianya! Ne míedze aglã, eye míewɔ nuteƒe na Yehowa o la, ekema migana míanɔ agbe o!


Maƒu nu viawo woaku ekema hameawo katã anyae be nyee nye dziwo kple susuwo me dzrola, eye maxe fe na ame sia ame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa