2 Korintotɔwo 10:18 - Agbenya La18 Elabena ame si ƒoa adegbe le eya ŋutɔ ƒe dɔwo ŋuti la medzea Aƒetɔ la ŋu o, ke ame si ƒe dɔwɔwɔ ŋu Aƒetɔ la kpɔ ŋudzedze nyui le lae nye dɔwɔla nyuitɔ. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191318 Elabena menye amesi tsia eɖokui la, nye ame nyui o, ke boŋ amesi Aƒetɔ la kafuna lae. Onani mutuwo |
Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me.
Menye mía ɖokui kafum míele alo menye mía ɖokui dom míele ɖe dzi o, ɖeko míedi be miada ɖe mía dzi abe ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe ame dɔdɔ vavãwo ene. Eye miate ŋu atsɔ mí aƒo adegbee alo aɖo nya ŋu na nufiala alakpatɔ siwo le mia dome, ame siwo ƒe susu koe nye be yewoƒe dzedzeme nanya kpɔ nyuie le amewo gbɔ ko, ke woƒe dziwo me do viviti tsiɖitsiɖi.