2 Korintotɔwo 10:1 - Agbenya La1 Azɔ la, nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi kple dzigbɔɖi kple tufafa abe ale si Kristo ŋutɔ awɔ ene. Ke mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, ne mele adzɔge la, nye nya dzi “sesẽna”, gake ne meva yewo gbɔ ko la, menɔa anyi abe “vɔvɔ̃nɔtɔ” ene. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19131 Ke nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi to Kristo ƒe dɔmefafa kple tufafa me, nye amesi nye ame bɔbɔɖokui le miaƒe ŋku me le mia dome; ke esime nyemele mia gbɔ o la, dzi le ƒonye ɖe mia ŋu. Onani mutuwo |
Nu ɖeka si ku ɖe nu sia ŋuti la koe nye be miaxɔ nyateƒe la dzi ase blibo, abe ame siwo gɔme woɖo anyi eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyui la ƒe mɔkpɔkpɔ si miese la gbɔ o. Esia nye nukunya kple nya si va na mi katã, eye wòle kakam ɖe xexe blibo la katã me fifia. Eye enye dzidzɔ na nye, Paulo, be masubɔ agblɔ nya sia na ame bubuwo.