Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 1:9 - Agbenya La

9 Míebu be míedze na ku elabena míekpɔ be wɔna aɖeke meganɔ mía ŋu o, gake míetsɔ nu sia nu gblẽ ɖe Mawu si tea ŋu wɔa nu sia nu, eye wòfɔa ame kukuwo gɔ̃ hã tso yɔdo me la ƒe asi me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ẽ, mía ŋutɔwo mieɖo kpe dzi le mía dokui me bena, míele kuku ge, bene miagaɖo dzi ɖe mía ɖokui ŋu o, hafi ɖe Mawu, amesi fɔa ame kukuwo ɖe tsitre la ŋu boŋ,

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 1:9
20 Mawu Ofanana  

Ekema nye ŋutɔ maʋu eme na wò be, wò ŋutɔ wò ɖusibɔ axɔ na wò.


Kesinɔtɔ siwo katã le anyigba dzi la aɖu nu, eye woasubɔe; ame siwo katã mate ŋu anɔ agbe o, eye woyi ɖe ke ƒe tume la adze klo ɖe eŋkume.


Ne dzɔgbevɔ̃e dzɔ la, ame vɔ̃ɖiwo yia to, ke le ku me ke hã la, ame dzɔdzɔewo kpɔa sitsoƒe.


Ame si ɖoa dzi ɖe eɖokui ŋu la, bometsilae, ke ame si zɔna le nunya me la anɔ dedie.


Megblɔ be, “Le nye agbe ƒe kekeli me, ɖe mato ku ƒe agbowo me, eye woaxɔ nye agbemeŋkeke mamlɛawo le asinyea?”


Ne megblɔ na ame dzɔdzɔe la be aku godoo, ke wòɖo ŋu ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ la, womaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ va yi la dometɔ aɖeke dzi o; aku le nu vɔ̃ si wòwɔ la ta.


Azɔ Yesu do lo sia na ame siwo dana be yewonye ame dzɔdzɔewo, eye womekpɔa ame bubu ɖe naneke me o la be,


Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me; wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.”


Vavã, Mawu ɖe mí tso ku dziŋɔ aɖe me, ale míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi be aɖe mí tso fukpekpe ɖe sia ɖe me ɖaa.


Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mebu be ele be magblɔ fu siwo míekpe le Asia la na mi. Woƒo mí, eye wowɔ fu mí ale gbegbe be míawo ŋutɔ gɔ̃ hã míebu mɔkpɔkpɔ ɖe sia ɖe be míatsi agbe.


Míawo la, ŋusẽ aɖeke mele mía si si míate ŋu atsɔ awɔ nu siawo katã o, ke míaƒe ŋusẽ tso Mawu gbɔ.


Ke kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, be wòaɖee fia be ŋusẽ triakɔ sia metso mía gbɔ o, ke boŋ Mawu gbɔ wòtso.


Abraham dze sii be Mawu ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre, eye woate ŋu agblɔe ko be exɔ Isak tso ku me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa