Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 1:24 - Agbenya La

24 Menye ɖe míegale amegã ɖum ɖe mia dzi hele se dem na mi tso nu si ke miaxɔ ase la ŋuti o, elabena mienya nu si dze be miaxɔ ase. Ke medi be mawɔ nane si ado dzidzɔ na mi, nye dɔwɔhatiwo ne meva, menye be mana mialé blanui o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 menye bena, mieɖua aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o, ke míenye hadɔwɔlawo na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ; elabena miele tsitre le xɔse me.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 1:24
16 Mawu Ofanana  

ale be miede asi dɔla bubuawo ƒoƒo me hele nutsuɖuɖu kple ahamumu dzi la,


ale be nye kple miawo siaa míado ŋusẽ mía nɔewo ƒe xɔse.


Kpɔ nyuie. Ɖo ŋku edzi be wolã alɔ siwo nye Yudatɔwo la ɖa, elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye miawo miezu alɔwo le miaƒe dzixɔse ɖeɖe ko ta. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi o, ke nɔ vɔvɔ̃m boŋ.


ame si me mɔnukpɔkpɔ su mía si le to xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ si me míetsia tsitre ɖo la. Eye míeƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti.


Azɔ la, nɔviwo, mina maɖo ŋku nu si tututu nyanyui la nye la dzi na mi elabena nyanyui la metrɔ o; nyanyui ma kee megblɔ na mi kpɔ. Miexɔe nyuie tsã kple fifia siaa elabena mieɖo miaƒe xɔse la anyi sesĩe ɖe nya wɔnuku sia dzi.


Ke ame ka tututue nye Apolo alo nye Paulo ŋutɔ, be mianɔ dzre wɔm ɖe mía ta? Mawu ƒe dɔla maɖinu siwo wòna ŋutete tɔxɛ aɖewo ko míenye eye to míaƒe dɔwɔwɔwo me la, miexɔ Mawu dzi se.


Mielɔ̃ wotsɔ mi wɔ kluviwoe, woɖoa nu siwo menyo o la na mi miewɔna, wona miekpɔ wo dzi, wowɔa wo ɖokuiwo glodzoo eye wokaa mo na mi ɖe madzɔmadzɔ dzi gake miekea nu o.


Menye mía ŋutɔ ɖokuiwo ŋutie míele gbeƒã ɖem le na mi o, ke boŋ Yesu Kristo ŋutie, eye eyae nye Aƒetɔ la. Ke míawo la, míenye subɔlawo le Yesu ŋuti.


Míenya be esiawo katã le eme vavã to xɔse me, ke menye to nukpɔkpɔ kple ŋkume o.


be miagaɖu tɔ ɖe hame si dzikpɔlawo woɖo mi la dzi o, ke boŋ mianye kpɔɖeŋu na alẽha la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa