2 Korintotɔwo 1:19 - Agbenya La19 Elabena Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, ame si ŋu nye Paulo, Silvano kple Timoteo míeɖe gbeƒã le na mi la, menye ame si ne nya la nye “ɛ̃” la, wògblɔ be, “ao” o. Aƒetɔ Yesu Kristo wɔna ɖe nu sia nu si wògblɔ la ko dzi. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191319 Elabena Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, amesi woɖe gbe ƒã le mia dome to mi, amesiwo nye nye, Silvano kple Timoteo dzi la, menye ẽ kple o o, hafi enye ẽ le eyama me boŋ. Onani mutuwo |
Enye nyateƒe be mawumegbenɔnɔ mele bɔbɔe o, gake ele bɔbɔe le Kristo ta, ame si va anyigba dzi abe ame ene. Ɖiƒoƒo aɖeke menɔ eŋuti o, eye wòdza le eƒe gbɔgbɔ me. Mawudɔlawo kpɔe, eye wogblɔ mawunya tso eŋuti le dukɔwo dome. Amewo xɔ edzi se le afi sia afi si wòyi, eye wogaxɔe ɖe eƒe ŋutikɔkɔe me le dziƒo.