Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Korintotɔwo 1:10 - Agbenya La

10 Vavã, Mawu ɖe mí tso ku dziŋɔ aɖe me, ale míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi be aɖe mí tso fukpekpe ɖe sia ɖe me ɖaa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 amesi ɖe mi tso nenem ku gã sia me, eye wogale mía ɖeɖe dzi, eye míele mɔ kpɔm nɛ bena, agaɖe mí hã.

Onani mutuwo Koperani




2 Korintotɔwo 1:10
14 Mawu Ofanana  

Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ ŋutɔ, gake Yehowa ɖenɛ le wo katã me;


“O! Yakob ƒe aƒe, miɖo tom. Mi ame siwo katã susɔ na Israel ƒe aƒe la, mi ame siwo melé ɖe asi tso gbe si gbe wofɔ miaƒe fu, eye metsɔ mi tso gbe si gbe wodzi mi


Ne woda mí ɖo ɖe kpodzoa me la, Mawu si míesubɔna la ate ŋu aɖe mí tso eme eye wòaɖe mí tso wò asi me, O fia.


Ale fia la ɖe gbe, wokplɔ Daniel vɛ eye wokɔe ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me. Fia la gblɔ na Daniel be, “Wò Mawu si nèsubɔna atraɖii la naɖe wò!”


Esia tae Yudatɔwo va lém le gbedoxɔ la me be yewoawum gɔ̃ hã hafi.


Mido gbe ɖa be Mawu nakpɔ tanye le Yudea tso ame siwo menye kristotɔwo o la si me. Mido gbe ɖa hã be kristotɔ siwo le Yerusalem la nalɔ̃ axɔ kpekpeɖeŋu si metsɔ yina na wo la.


Míebu be míedze na ku elabena míekpɔ be wɔna aɖeke meganɔ mía ŋu o, gake míetsɔ nu sia nu gblẽ ɖe Mawu si tea ŋu wɔa nu sia nu, eye wòfɔa ame kukuwo gɔ̃ hã tso yɔdo me la ƒe asi me.


Xexea me tɔwo mebua mí ɖe naneke me o, gake Mawu ya nya mí nyuie. Míele kudo nu ɣe sia ɣi, gake kpɔ ɖa, míele agbe wu nu sia nu. Wode abi mía ŋu, gake míeku o.


eye le esia ta míewɔ dɔ heʋli vevie be míatsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ade Mawu gbagbe la me, ame si nye amewo katã ƒe Ɖela, vevietɔ ame siwo xɔ se.


Ke Aƒetɔ la nɔ ŋunye, eye wòna mɔkpɔkpɔm be magblɔ mawunya dzideƒotɔe na xexea me katã. Ekpe ɖe ŋunye hã be wometsɔm na dzatawo o.


Ne ele alea la, ekema Aƒetɔ la nya ale si wòaɖe mawuvɔ̃lawo tso dodokpɔwo me, eye wònya ale si wòalé mawumavɔ̃lawoe, anɔ to hem na wo va se ɖe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la dzi.


Yehowa, ame si ɖeam tso dzata kple sisiblisi ƒe fewo kple aɖuwo me la, kee aɖem tso Filistitɔ sia hã si me!”


Samuel tsɔ kpe aɖe da ɖe Mizpa kple Sen dome eye wòna ŋkɔe be, “Ebenezer” si gɔme nye “Amenuvekpe” elabena egblɔ be, “Afi siae Yehowa ve mía nu va se ɖo!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa