Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 9:21 - Agbenya La

21 Saul ɖo eŋu be, “Amegã, nya ka gblɔm nèle? Benyamin ƒe to si nye to suetɔ kekeake le Israel la mee metso eye nye ƒome hãe nye ƒome gblɔetɔ kekeake le to la me! Ame bubue nàgblɔ nya siawo na hafi!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Saul ɖo ŋu gblɔ bena: Ɖe menye Benyamintɔ menye tso Israel ƒe to suetɔ me, eye nye ƒome enye gblɔetɔ le Benyamin-to la ƒe ƒomeawo me oa? Nya ka enye si gblɔm nèle nam?

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 9:21
13 Mawu Ofanana  

Kpɔ ɖa, Benyamin ƒe to si nye suetɔ lae le ŋgɔ na wo, Yuda ƒe dumegã gbogboawo le afi ma, eye Zebulon kple Naftali ƒe amegãwo hã le afi ma.


O! Mawu, yɔ wò ŋusẽ vɛ; O! Mawu, ɖe wò ŋusẽ fia mí abe tsã ene.


Tsã la, ne Efraim ɖe gbe la, dukɔwo ʋuʋuna nyanyanya, elabena wodoe ɖe dzi le Israel, gake edze Baal subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me eye wòku.


Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la, woade bubu eŋu.”


Togbɔ be nyemesɔ kple ame gblɔetɔ kekeake le Mawu ƒe amewo dome o hã la, etsɔ amenuveve sia nam be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o,


Gake ame vlo aɖewo gblɔ be, “Aleke ame sia tɔgbi ate ŋu aɖe mí?” Ale wodo vloe eye wometsɔ nunana ɖeke vɛ nɛ o, gake Saul megblɔ nya aɖeke o.


Saul fofo, Kis kple Abner fofo, Ner wonye Abiel viŋutsuwo.


Samuel gblɔ nɛ be, “Togbɔ be mèbu ɖokuiwò amegãe o hã la, Mawu ɖo wò fiae ɖe Israel dzi.


David gblɔ le eɖokui me be, “Ame kae nye kple nye ƒome kpakple hlɔ̃ nye le Israel be maɖe fiavi? Fofonye ƒe ƒome mele ɖeke me o!”


Ke David ɖo eŋu be, “Aleke ame dahe abe nye ene, ame si tso ƒome gblɔe aɖe ko me la ate ŋu akpɔ srɔ̃ɖenuwo ana ɖe fiavinyɔnu ta?”


Samuel kple Saul kple subɔla la yi xɔ gã la me eye wòna nɔƒe wo ɖe kplɔ̃ ta. Wode bubu wo ŋu wu ame blaetɔ̃ bubu siwo wokpe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa