Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 9:17 - Agbenya La

17 Esi Samuel kpɔ Saul ko la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Ame siae nye ame si ƒe nya megblɔ na wò, eyae aɖu fia ɖe Israelviwo dzi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Esi Samuel kpɔ Saul la, Yehowa gblɔ ne bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu, si ŋu nya megblɔ na wò la, enye si; eyae aɖu fia ɖe nye dukɔ nu.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 9:17
10 Mawu Ofanana  

Ale mede se be tso gbe ma gbe dzi la, ne ɣe ɖo to le Fiɖagbe ko la, woatu agboawo katã, eye womagaʋu wo o va se ɖe esime Dzudzɔgbe la nava yi. Meɖo nye subɔla aɖewo ɖa be woadzɔ agboawo ŋu, ale be ame aɖeke magatsɔ adzɔnu aɖeke ava Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi o.


Ale mehe nya kple dzila siawo, meƒo fi de wo, meƒo wo dometɔ aɖewo, menyɔ woƒe taɖa, eye mena woka atam le Mawu ŋkume gblɔ be, “Míagatsɔ mía vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe o, alo míaɖe wo vinyɔnuwo na mía viŋutsuwo o, alo míawo ŋutɔ míaɖe wo o.


“Tete abe ale si Yehowa gblɔe ene la, tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wògblɔ nam be, ‘Ƒle nye agble si le Anatɔt le Benyaminyigba dzi. Esi wònye wò domenyinu wònye be nàxɔe eye wòanye tɔwò ta la, ƒlee na ɖokuiwò.’ “Menyae be esia nye gbe tso Yehowa gbɔ,


Le nye dziku me, meɖo fia na mi, eye megaxɔe le mia si le nye dɔmedzoe me.


“Ke nu kae va dzɔ? Israelviwo ɖe kuku na Mawu be wòana fia yewo abe ale si wòle dukɔ bubuwo sii la ene, eya ta Mawu na Saulo si nye Kish ƒe vi la va ɖu fia ɖe wo dzi. Saulo tso Benyamin ƒomea me, eye wòɖu fia ƒe blaene.


Metsɔ tohehe do ŋgɔ na Eli kple eƒe ƒome blibo la elabena viawo le busunuwo wɔm ɖe Mawu ŋu eye Eli megbe na wo o.


Saul te ɖe Samuel ŋu eye wòbiae be, “Meɖe kuku, nukpɔla ƒe aƒe me ɖe?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa