Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 9:1 - Agbenya La

1 Kis nye kesinɔtɔ kple bubume aɖe tso Benyamin ƒe to la me. Fofoae nye Abiel, ame si nye Zeror vi, ame si nye Bekorat vi, ame si hã nye Afia vi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ŋutsua ɖe le Benyamin, eŋkɔ nye Kis, amesi nye Abiel vi, amesi nye Zeror vi, amesi nye Bexorat vi, amesi nye Afia vi; enye Benyamintɔa ɖe ƒe vi, eye alɔme le esi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 9:1
9 Mawu Ofanana  

Azɔ la, Barzilai nye amegãɖeɖi aɖe: exɔ ƒe blaenyi. Ekpɔ fia la dzi le esime wònɔ Mahanaim elabena enye hotsuitɔ gã aɖe ŋutɔ.


Yudatɔ aɖe nɔ Susa fiasã la me, eŋkɔe nye Mordekai. Fofoae nye Yair, ame si fofoe nye Simei, ame si nye Kis, Benyamintɔ la ƒe vi.


kpe ɖe alẽ akpe adre (7,000), kposɔ akpe etɔ̃ (3,000), nyi siwo wode kɔkuti kɔ na woŋlɔa agblee eveve teƒe alafa atɔ̃ (500) kple tedzi alafa atɔ̃ (500) kple subɔla gbogbo aɖewo ŋu. Eyae nye ŋutsu si de ŋgɔ wu ame sia ame le ɣedzeƒetɔwo katã dome.


“Ke nu kae va dzɔ? Israelviwo ɖe kuku na Mawu be wòana fia yewo abe ale si wòle dukɔ bubuwo sii la ene, eya ta Mawu na Saulo si nye Kish ƒe vi la va ɖu fia ɖe wo dzi. Saulo tso Benyamin ƒomea me, eye wòɖu fia ƒe blaene.


Woƒu du yi ɖakplɔe vɛ tso afi ma eye esi wòtsi tsitre ɖe ameawo dome la, ekɔ eye ameawo se eƒe abɔta.


Saul fofo, Kis kple Abner fofo, Ner wonye Abiel viŋutsuwo.


Lãnyiƒe nɔ kesinɔtɔ aɖe si tso Maon la si le afi ma te ɖe Karmel ŋu. Alẽ akpe etɔ̃ (3,000) kple gbɔ̃ akpe ɖeka nɔ esi. Kesinɔtɔ sia va eƒe lãnyiƒe le ɣeyiɣi sia me hena fukoko na eƒe alẽwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa