Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 8:7 - Agbenya La

7 Yehowa gblɔ na Samuel be, “Wɔ nu si wobia tso asiwò la na wo elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe abe woƒe fia ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ɖo to dukɔ la ƒe gbe le nusianu, si woagblɔ na wo la me, elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be, nyemagaɖu fia ɖe yewo dzi o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 8:7
22 Mawu Ofanana  

Mose gblɔ hã be mianya be, “Yehowae na lã mi le fiẽ me, eye wòna abolo si miehiã la mi le ŋdi me, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩwo le eŋuti. Ame kawoe mienye? Menye míawo ŋu miele liʋĩliʋĩ lĩm le o, ke boŋ Yehowa ŋue.”


eya ta nye hã masẽ ŋuta le wo ŋu, eye mana nu si le ŋɔ dzim na wo la nava wo dzi, elabena esi meyɔ wo la, ame aɖeke metɔ o, eye esi meƒo nu la, ame aɖeke meɖo to o. Wowɔ nu vɔ̃ɖi le nye ŋkume, eye wotia nu si medoa dzidzɔ nam o.”


‘Le ƒe adrelia me la, mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe asi le nɔvia Hebritɔ si tsɔ eɖokui de awɔba me nɛ la ŋu. Esi wòsubɔ wò ƒe ade vɔ megbe la, ele be nàɖe asi le eŋu wòadzo.’ Gake mia fofowo gbe, womeɖo tom alo de nu eme nam o.


Egblɔ be, “Ame vi, mele ɖowòm ɖe Israelviwo gbɔ, ɖe dukɔ dzeaglã aɖe si dze aglã ɖe ŋunye la gbɔ. Woawo kple wo fofowo dze aglã ɖe ŋunye va se ɖe egbeŋkeke sia dzi.


Ke Israel ƒe aƒe la mele lɔlɔ̃m be yeaɖo to wò o, elabena womele lɔlɔ̃m be woaɖo tom o, elabena Israel ƒe aƒemetɔwo katã nye tosẽlawo kple kɔlialiatɔwo.


Le zã me la, Mawu gblɔ na Balaam be, “Fɔ, nàyi kple ame siawo, ke kpɔ nyuie be, nàgblɔ nu si magblɔ na wò be nàgblɔ la ko.”


“Ne ame aɖe xɔ mi nyuie la, nyee wòxɔ, eye ne ame aɖe xɔm la, exɔ Mawu si dɔm ɖa la.


Egblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ame siwo ɖo to mi la, nyee woɖo toe, eye ame siwo gbe mi la, nyee wogbe eye ame siwo gbem la gbe Mawu ame si dɔm ɖa la.”


“Gake eteviwo lé fui, eye wodɔ amewo ɖo ɖe eyome gblɔ be, ‘Míele ame sia dim be wòaɖu fia ɖe mía dzi o.’


Azɔ le nye futɔ siwo tsi tsitre ɖe ŋunye, eye womedi be maɖu fia ɖe yewo dzi o la, mikplɔ wo va ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’ ”


Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be subɔla mekɔna wu eƒe aƒetɔ o, eye dɔtsɔla hã mewua ame si dɔe la o.


Ke Gideon ɖo eŋu na wo be, “Nye ŋutɔ loo alo vinye ŋutsu aɖeke maɖu fia ɖe mia dzi o. Yehowa aɖu fia ɖe mia dzi.”


Ke, azɔ la, miegbe nu le miaƒe Mawu si ɖe mi tso dzɔgbevɔ̃ewo kple xaxawo katã me gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖo fia na mí!’ Eya ta mido ɖe Yehowa ŋkume le miaƒe towo kple hlɔ̃wo me.”


Samuel gaƒo nu na Israelviwo be, “Kpɔ ɖa, mewɔ nu si miebia la na mi. Meɖo fia na mi.


“Ke esi mienɔ vɔvɔ̃m na Nahas, Amonitɔwo ƒe fia ta la, mieva gblɔ nam be maɖo fia na yewo wòaɖu yewo dzi, le esime Yehowa, mia Mawu la nye miaƒe Fia xoxo elabena eyae nye miaƒe Fia ɣeawo katã ɣi.


Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɖo to wo eye nàna fia wo.” Tete Samuel gblɔ na Israel ŋutsuawo be, “Ame sia ame netrɔ yi eƒe du me.” Samuel lɔ̃ eye wòɖo ame sia ame ɖe eƒe du me.


Tso esime mekplɔ wo dzoe le Egipte la, wogbea nu le gbɔnye enuenu eye wodzea mawu bubuwo yome. Azɔ la, wole nu ma ke wɔm ɖe ŋuwò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa