Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 8:5 - Agbenya La

5 Wogblɔ nɛ be, “Azɔ la ètsi eye viwò ŋutsuwo meto wò afɔtoƒe o, eya ta tia fia na mí be wòakplɔ mí abe ale si wòle le dukɔ bubuwo dome ene.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 eye wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, ètsi, eye viwowo mele wo ʋe me tom o; eyata ɖo fia na mí, amesi adrɔ̃ ʋɔnu na mí abe alesi wòle le dukɔwo katã dome ene!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 8:5
12 Mawu Ofanana  

Mele wo kpɔm tso agakpe tame. Melé ŋku ɖe wo ŋu tso togbɛwo dzi, wole wo ɖokui si, nye dukɔ tɔxɛ aɖe. Si mebua eɖokui kple dukɔ bubuwo o.


“Ke nu kae va dzɔ? Israelviwo ɖe kuku na Mawu be wòana fia yewo abe ale si wòle dukɔ bubuwo sii la ene, eya ta Mawu na Saulo si nye Kish ƒe vi la va ɖu fia ɖe wo dzi. Saulo tso Benyamin ƒomea me, eye wòɖu fia ƒe blaene.


Israelviwo gblɔ na Gideon be, “Ɖu fia ɖe mía dzi, wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo kple wò tɔgbuiyɔviwo elabena èɖe mí tso Midiantɔwo ƒe asi me.”


Ke, azɔ la, miegbe nu le miaƒe Mawu si ɖe mi tso dzɔgbevɔ̃ewo kple xaxawo katã me gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖo fia na mí!’ Eya ta mido ɖe Yehowa ŋkume le miaƒe towo kple hlɔ̃wo me.”


Fia si mietia lae nye esi, milé ŋku ɖe eŋu nyuie. Miawoe bia eye Mawu tsɔe na mi.


Mienya be tsi medzana le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me, le luxaɣi o gake mado gbe ɖa na Yehowa be wòaɖo dziɖegbe kple tsidzadza ɖa egbe ale be miadze si miaƒe vɔɖivɔ̃ɖi ƒe todede le ale si miebia be woaɖo fia na yewo la ta!”


Ame si anɔ mia ŋgɔ. Fifia metsi, nye ta ƒo wɔ eye vinyewo le mia dome; mekpɔ mia dzi tso keke nye ɖekakpuime ke.


Mègatsi dzi le tedzi siwo bu ŋkeke etɔ̃e nye esi la ŋu kura o elabena wokpɔ wo xoxo. Ke Israel ƒe kesinɔnuwo katã zu tɔwò azɔ!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa