Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 7:9 - Agbenya La

9 Ale Samuel tsɔ alẽvi aɖe sa numevɔ na Yehowa eye wòɖe kuku nɛ be wòave Israel nu. Edo ɣli na Yehowa ɖe Israel nu eye Yehowa se eƒe gbedodoɖa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Samuel lé alẽvi, si gale no nom, hesa numevɔe, eye wòtɔ dzoe blibo na Yehowa; eye Samuel ɖe kuku na Yehowa ɖe Israel ta, eye Yehowa ɖo toe.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 7:9
16 Mawu Ofanana  

Miyɔm le xaxagbe, maɖe mi, eye miade bubu ŋutinye.”


Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome; Samuel le ame siwo yɔ eƒe ŋkɔ la dome; woyɔ Yehowa ŋkɔ, eye wòtɔ na wo.


Tete Yehowa gblɔ nam be, “Ne Mose kple Samuel tsi tsitre ɖe ŋkunye me gɔ̃ hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋuti o. Eya ta, nya wo ɖa le ŋkunye me. Na woadzo!


“Ne wodzi nyivi alo alẽvi alo gbɔ̃vi aɖe la, woana wòanɔ dadaa gbɔ ŋkeke adre. Tso ŋkeke enyilia dzi la, woaxɔe abe dzovɔsa ene na Yehowa.


“Medo gbe ɖa na Yehowa be, Aƒetɔ Yehowa, mègatsrɔ̃ wò ŋutɔ wò amewo o. Wò ŋutɔ wò domenyinu si nèɖe kple wò ŋusẽ triakɔ, eye nèɖe wo tso Egipte kple asi sesẽ.


Eya ta miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me na mia nɔewo, eye miado gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta be miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe gbedodoɖa nu sẽna, eye wòwɔa dɔ.


Azɔ la ɖi vɔsamlekpui bubu na Yehowa, wò Mawu la ɖe togbɛ sia dzi. Tsɔ nyitsu evelia wɔ numevɔsae eye nàtsɔ aƒeli si nèho la wɔ nakee na vɔsa la.”


Le ŋdi esime dua me ŋutsuwo fɔ la, wokpɔ be wogbã Baal ƒe vɔsamlekpui, heho aƒeli si le exa la ƒu anyi eye wokpɔ be wotsɔ nyitsu bubu sa vɔe le vɔsamlekpui yeye la dzi!


Dze ŋgɔ nam nàyi Gilgal. Mava gbɔwò le afi ma ava sa numevɔ kple akpedavɔ. Gake ele be nàlalam ŋkeke adre va se ɖe esime mava be magblɔ nu si nàwɔ la na wò.”


Mienya be tsi medzana le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me, le luxaɣi o gake mado gbe ɖa na Yehowa be wòaɖo dziɖegbe kple tsidzadza ɖa egbe ale be miadze si miaƒe vɔɖivɔ̃ɖi ƒe todede le ale si miebia be woaɖo fia na yewo la ta!”


Samuel gblɔ be, “Aleke mayie? Saul ase nya sia eye wòawum.” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Kplɔ nyivi ɖeka ɖe asi eye nàgblɔ be, ‘Meva vɔ sa ge na Yehowa.’


Maɖo nunɔla nuteƒewɔla na ɖokuinye ame si awɔ ɖe nu si meɖo ɖe nye dzi me kple ta me la dzi. Mali ke eƒe aƒe la sesĩe eye wòasubɔ le nye amesiamina la ƒe ŋkume ɖaa.


Egatrɔna vaa Rama elabena afi mae nye eƒe nɔƒe eye wògadrɔ̃a ʋɔnu le afi sia hã. Eɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Rama.


Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, ele afi sia. Edze mia ŋgɔ. Afɔ netsɔ na mi. Eva míaƒe dua me egbea elabena dukɔ la le vɔ sa ge le to dzi egbea.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa