Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 7:2 - Agbenya La

2 Nubablaɖaka la nɔ Kiriat Yearim ƒe blaeve. Israelviwo xa nu to ƒe siawo me elabena edze na wo abe ɖe Yehowa gblẽ wo ɖi ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tso gbesigbe aɖaka la va Kiryat-Yearim la, ŋkeke-ŋkekewo le yiyim anɔ ƒe blave sɔŋ. Eye Israel ƒe aƒe blibo la trɔ ɖe Yehowa ŋu.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 7:2
13 Mawu Ofanana  

Mina míaɖatsɔ míaƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la va mía gbɔe elabena míebia eta le Saul ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo me o.”


Ale David yɔ Israelviwo katã tso Sihor tɔsisi le Egipte ŋu va se ɖe Hamat ƒe mɔnu ale be woanɔ anyi hafi woatsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la vɛ tso Kiriat Yearim.


(Azɔ ame bubu si gagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ mee nye Uria, Semaya ƒe vi si tso Kiriat Yearim. Eya hã gblɔ nya siwo ke Yeremia gblɔ ɖe du sia kple anyigba sia ŋuti.


‘Wò ya, dze si wò vodada elabena èdze aglã ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu; ètsɔ wò nunyonamewo ma na dzromawuwo le ati dama ɖe sia ɖe te eye mèɖo tom o.’ ” Yehowae gblɔe.


Woatrɔ gbɔ kple avifafa eye woanɔ gbe dom ɖa ne mekplɔ wo gbɔnae. Makplɔ wo ato mɔ zɔzrɔ̃e si dzi womakli nu le o, ato tɔʋuwo to elabena nyee nye Israel fofo eye Efraim nye viŋutsu ŋgɔgbea nam.


Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo hã le konyi fam la, elabena woafa akɔ na mi!


Israelviwo ƒe aʋakɔ dze mɔ enumake be yeaku nya la gɔme, eye woɖo woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃ pɛ ko megbe. Woƒe duwo ƒe ŋkɔwoe nye: Gibeon, Kefira, Beerot kple Kiriat Yearim,


Esi Israelviwo se nya sia la, wofa avi hoo.


Ale Kiriat Yearimtɔwo va tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la yi ɖada ɖe Abinadab ƒe aƒe si le to dzi la me. Wokɔ via, Eleazar, ŋuti be wòakpɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la dzi.


Samuel gblɔ na Israel ƒe aƒe blibo la be, “Ne mieɖo ta me kplikpaa be yewoatrɔ ayi Yehowa gbɔ la, ekema miɖe asi le miaƒe dzromawuwo kple Astarɔtwo ŋu. Miɖo ta me kplikpaa azɔ be miaɖo to Yehowa ɖeɖe ko ekema aɖe mi tso Filistitɔwo si me.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa