Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 7:17 - Agbenya La

17 Egatrɔna vaa Rama elabena afi mae nye eƒe nɔƒe eye wògadrɔ̃a ʋɔnu le afi sia hã. Eɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Rama.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Emegbe wòtrɔna va Rama, elabena afima eƒe xɔnu le, eye wodrɔ̃a ʋɔnu na Israel le afima, eye woɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 7:17
18 Mawu Ofanana  

Etu vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be, “El-Elohe-Israel” si gɔmee nye “Vɔsamlekpui na Israel ƒe Mawu.”


Yakob ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be, “Vɔsamlekpui na Betel ƒe Mawu,” elabena Betel ƒe Mawu ɖe eɖokui fiae le esime wònɔ sisim le Esau nu.


Wodo to domemɔ, eye wogblɔ be, “Miatsi Geba adɔ.” Rama dzo nyanyanya, Saul ƒe Gibea de afɔ du me.


Edrɔ̃a ʋɔnu le teƒe aɖe si woyɔna fifia be, “Debora ƒe Deti,” le Rama kple Betel dome, le Efraim ƒe tonyigba dzi. Israelviwo yia egbɔ le afi ma be wòadrɔ̃ ʋɔnu na yewo.


Ale Gideon ɖi vɔsamlekpui aɖe na Yehowa ɖe afi ma eye wòna ŋkɔe be, “Yehowae nye Ŋutifafa” Vɔsamlekpui sia gale afi ma, le Ofra, le Abiezritɔwo ƒe anyigba dzi.


Esiae nye Elkana, ŋutsu aɖe si nye Efraimtɔ eye wònɔ Ramataim Zofim le Efraim ƒe to la dzi ƒe ŋutinya. Fofoae nye Yeroham, ame si fofoe nye Elihu, ame si fofoe nye Tohu eye Tohu fofoe nye Zuf ame siwo nye Efraimtɔwo.


Ƒome blibo la fɔ ŋdi kanya heyi ɖasubɔ Yehowa le Agbadɔ la me eye wotrɔ yi woƒe aƒe me le Rama. Elkana dɔ srɔ̃a Hana gbɔ eye Yehowa ɖo ŋku Hana dzi.


Ale woyi Gilgal eye woɖo Saul fiae le Yehowa ŋkume. Wosa akpedavɔ na Yehowa eye Saul kple Israelviwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ.


Saul ɖi eƒe vɔsamlekpui gbãtɔ na Yehowa.


Samuel trɔ yi aƒe le Rama eye Saul hã trɔ yi Gibea.


Ale Elkana yi aƒe me le Rama, ke ɖevi la subɔ le Yehowa ŋkume le nunɔla Eli ƒe kpɔkplɔ te.


Azɔ la, Samuel ku eye Israel dukɔ blibo la fae, woɖii ɖe wo de le Rama. Fia Saul ɖe ŋɔliyɔlawo kple afakalawo katã ɖa le Israelnyigba la dzi.


Ale Israel ƒe kplɔlawo katã kpe ta heva Samuel gbɔ le Rama


Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, ele afi sia. Edze mia ŋgɔ. Afɔ netsɔ na mi. Eva míaƒe dua me egbea elabena dukɔ la le vɔ sa ge le to dzi egbea.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa