Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Samuel ku eye Israel blibo la ƒo ƒu hena kunu la wɔwɔ. Woɖii ɖe eƒe ƒometɔwo ƒe anyigba dzi le Rama. Le ɣeyiɣi sia me la, David yi gbedzi le Paran.
Wova kpe ta ɖe Mizpa, woku tsi tso vudo aɖe me kɔ ɖe anyigba le Yehowa ŋkume eye wotsi nu dɔ ŋkeke blibo ɖeka abe nuxaxa ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta ene. Ale Samuel zu Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la le Mizpa.