1 Samuel 6:9 - Agbenya La9 gake miaƒe ŋku nanɔ eŋuti. Nenye be eyi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi ɖo ta Bet Semes la, ekema Yehowae he dɔvɔ̃ sia va mía dzii. Gake ne mewɔe nenema o la, ekema míanyae be menye eƒe asie ƒo mí o, ke boŋ nane koe wònye va dzɔ ɖe mía dzi.” Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19139 Eye ne miekpɔ bena, ele aƒemɔ ɖo ta Bet-Semes la, ekema eyae he dzɔgbevɔ̃e gã sia va mía dzi; ke ne mele alea o la, ekema míanyae bena, menye eƒe asie va mia dzi o, ke boŋ nua ɖe ƒomevie wɔ mí. Onani mutuwo |
Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu le xexe blibo la me eye mede dzesii be ame si ƒua du sesĩe wu ame bubu ɖe sia ɖe la meɖua dzi le duɖimekekewo katã me ɣe sia ɣi o eye ame sesẽtɔ meɖua dzi le aʋawɔwɔ me ɣe sia ɣi o. Megakpɔe be enuenu la, nunyalawo daa ahe eye aɖaŋutɔwo mezua ame xɔŋkɔwo ɣe sia ɣi kokoko o, ke esiawo katã ɖina ɖe ame ko, ne amea le teƒe nyuitɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.