Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 6:21 - Agbenya La

21 Ale woɖo du ɖe Kiriat Yearimtɔwo kple kukuɖeɖe be, “Filistitɔwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la vɛ eya ta miva ne miakɔe yi mia gbɔe.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Tete wodɔ ame ɖo ɖe Kiryat-Yearimtɔwo gblɔ bena: Filistitɔwo gbugbɔ Yehowa ƒe aɖaka la vɛ, miva, ne miakɔe ayi mia gbɔe!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 6:21
11 Mawu Ofanana  

David kple eƒe ameawo katã dze mɔ tso Baala Yuda be woaɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la tso afi ma vɛ. Woyɔa Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ame si le Kerubi siwo le nubablaɖaka la dzi la ƒe ŋkɔ ɖe eŋu.


Ale wògblẽ agbadɔ si le Silo la ɖi, agbadɔ si wòtu ɖe amegbetɔwo dome.


(Azɔ ame bubu si gagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ mee nye Uria, Semaya ƒe vi si tso Kiriat Yearim. Eya hã gblɔ nya siwo ke Yeremia gblɔ ɖe du sia kple anyigba sia ŋuti.


“Mitso azɔ ne miayi ɖe Silo afi si mewɔ nɔƒe ɖo zi gbãtɔ na nye Ŋkɔ, ne miakpɔ ale si mewɔe le nye dukɔ, Israel ƒe nu tovo wɔwɔ ta.


Eya ta nu si mewɔ na Silo la, eya kee mawɔ azɔ na aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo, gbedoxɔ si ŋuti mieɖo ŋu ɖo kple teƒe si metsɔ na mi kple mia fofowo.


Kiriat Baal (si wogayɔna hã be Kiriat Yearim) kple Raba. Du siawo le eve kple woƒe kɔƒeduwo.


Egatso to la tame heyi Nef to la ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi du siwo le Efrɔn to dzi la gbɔ hafi trɔ ɖo ta dzigbeme, ƒo xlã Baala (si wogayɔna be Kiriat Yearim)


Liƒo la trɔ tso afi ma ɖo ta dziehe, eto to si le Bet Horon kasa le dziehe hewu nu ɖe Kiriat Baal, du si wogayɔna be Kiriat Yearim, si nye Yuda ƒe viwo ƒe duwo dometɔ ɖeka la gbɔ. Esiae nye Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe ɣetoɖoƒeliƒo.


Israelviwo ƒe aʋakɔ dze mɔ enumake be yeaku nya la gɔme, eye woɖo woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃ pɛ ko megbe. Woƒe duwo ƒe ŋkɔwoe nye: Gibeon, Kefira, Beerot kple Kiriat Yearim,


Gbã la, woƒu asaɖa anyi ɖe teƒe aɖe si nɔ Kiriat Yearim ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo le Yudanyigba dzi. Woyɔa teƒe sia egbegbe be, “Maham” si gɔmee nye “Dan ƒe Asaɖa.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa