Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 6:12 - Agbenya La

12 Enumake nyinɔawo dze mɔ tẽe ɖo ta Bet Semes henɔ xɔxlɔ̃m sesĩe le mɔa dzi, womedze ɖe ɖusime alo miame o. Filistitɔwo ƒe amegãwo dze wo yome va se ɖe Bet Semes ƒe liƒo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye nyinɔwo lé mɔ kɔ ɖo ta Bet-Semes, wòlé mɔ ɖeka hele xɔxlɔ̃m, eye womedze ɖe ɖusi alo mia me o. Eye Filistitɔwo ƒe amegãwo le wo yome vaseɖe Bet-Semes ƒe liƒo dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 6:12
7 Mawu Ofanana  

Ben Deker dzɔa nu le Makaz, Saalbim, Bet Semes kple Elon Betanan;


Ke esi Farao kpɔ be woɖe akpɔkplɔawo ɖa ko la, egasẽ dzi me, eye wògbe asiɖeɖe le ameawo ŋu abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene.


Israelviwo ƒe ame dɔdɔwo yi edzi be, “Fia bubutɔ, mɔ gã la dzi ko míanɔ. Ne míano tsi tso miaƒe vudo me gɔ̃ hã la, míaxe fe ɖe sia ɖe si nàbia la ɖe eta. Ale si míatso eme ayi ko biam míele; míegale nu bubu aɖeke biam o.”


ɖo ta Edom ƒe to Seir gbɔ, yi Yearim to alo Kesalon ƒe dzigbeme, yi Bet Semes heto Timna ŋu.


Wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple aɖaka si me sikafiwo kple sikaƒoƒoeawo nɔ la da ɖe tasiaɖam la dzi.


Bet Semestɔwo nɔ lu xam le balime le ɣe ma ɣi eye esi wofɔ mo dzi kpɔ nubablaɖaka la, wogli kple dzidzɔ!


gake miaƒe ŋku nanɔ eŋuti. Nenye be eyi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi ɖo ta Bet Semes la, ekema Yehowae he dɔvɔ̃ sia va mía dzii. Gake ne mewɔe nenema o la, ekema míanyae be menye eƒe asie ƒo mí o, ke boŋ nane koe wònye va dzɔ ɖe mía dzi.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa