Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 6:11 - Agbenya La

11 Wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple aɖaka si me sikafiwo kple sikaƒoƒoeawo nɔ la da ɖe tasiaɖam la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Emegbe wotsɔ Yehowa ƒe aɖaka la kple aɖakavi, si me sikafiawo kple woƒe ƒoƒoe, siwo wowɔ le la, da ɖe tasiaɖam la me.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 6:11
7 Mawu Ofanana  

Wokɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi eye wokɔe tso Abinadab ƒe aƒe si le toa ŋu la me. Ame siwo tutu tasiaɖam la woe nye Abinadab ƒe viŋutsuwo, Uza kple Ahio.


Wotsɔe da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi tso Abinadab ƒe aƒe me. Uza kple Ahio kplɔ nyiawo.


“Yehowa, wò Mawu la aɖo Egiptetɔwo ƒe ƒoƒoe, anyi kple akpa ɖe dowòme, eye atike manɔ anyi na wo dometɔ aɖeke o.


Ale wowɔ nu si wogblɔ na wo. Wotsi nyinɔ eve ɖe tasiaɖam la ŋu eye wotu wo viwo ɖe kpo me.


Enumake nyinɔawo dze mɔ tẽe ɖo ta Bet Semes henɔ xɔxlɔ̃m sesĩe le mɔa dzi, womedze ɖe ɖusime alo miame o. Filistitɔwo ƒe amegãwo dze wo yome va se ɖe Bet Semes ƒe liƒo dzi.


Filistitɔwo bia be, “Fɔɖivɔsanu kae míatsɔ aɖo ɖa?” Woɖo eŋu be, “Sikaƒoƒoe atɔ̃ kple afi si wowɔ kple sika la atɔ̃, ɖe Filistitɔwo ƒe amegãwo ƒe xexlẽme nu elabena dɔvɔ̃ ɖeka ƒomevie va dze mi kple mia dziɖulawo siaa dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa