Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 5:8 - Agbenya La

8 Ale woyɔ takpekpe na Filistitɔwo ƒe dziɖulawo katã, eye wobia wo be, “Nu ka míawɔ kple Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka?” Woɖo eŋu be, “Mitsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka yi ɖada ɖe Gat.” Ale woɖe Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ɖa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye wodɔ ame woɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu va wo gbɔ, eye wogblɔ bena: Aleke miele Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la wɔ gee? Woɖo ŋu be: Mitsɔ Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖo ɖe Gat! Tete woɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖa.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 5:8
11 Mawu Ofanana  

ame si dzi Zabad ame si dzi Sutela. Amewo tso Gat wu Ezer kple Elead esi ame eve siawo yi Gat be yewoafi woƒe lãwo.


Miyi ɖe Kalne ne miakpɔ nu si dzɔ le afi ma la ɖa; eye miayi ɖe du gã Hamat me, ahaɖiɖi ɖe Gat, Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, akpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ɖe mienyo wu fiaɖuƒe siawo alo ɖe miaƒe anyigba lolo wu wo tɔa?


Gbe ma gbe ne dukɔ siwo katã le anyigba dzi ƒo ƒu ɖe eŋuti la, mawɔ Yerusalem wòanye agakpe si meʋãna o la na dukɔwo. Ame siwo katã adi be yewoamli agakpe sia la axɔ abi.


si tso Sixor tɔsisi la gbɔ le Egipte ƒe liƒo dzi heyi anyiehe ke, elabena wobu anyigba si va tɔ Ekron ƒe liƒo la abe Kanaantɔwo ƒe anyigba ene. Filistitɔwo ƒe fiawo nɔ Gaza, Asdod, Askelon, Gat kple Ekron; hekpe ɖe Avitɔwo ŋu


Liƒo la yi togbɛ siwo le Ekron ƒe dzigbeme la gbɔ, trɔ ɖo ta Sikeron to, Baala to la ŋu, yi Yabneel hewu nu ɖe Domeƒu la to.


Aʋakalẽtɔ aɖe si ŋkɔe nye Goliat, ame si tso Gat do go tso Filistitɔwo ƒe asaɖa me. Ŋutsu sia ƒe kɔkɔme anɔ mita etɔ̃.


Tete Israel kple Yuda ŋutsuwo lũ ɖe eme kple ɣli eye woti Filistitɔwo yome va se ɖe Gat kple Ekron ƒe agbowo nu. Filistitɔwo ƒe kukuawo kaka ɖe Saaraim kple Gat mɔ dzi va se ɖe Ekron ke.


Ale Fia Akis yɔ David kple eƒe amewo eye wògblɔ na wo be, “Metsɔ Yehowa ka atam be miawoe nye ame nyuitɔ siwo medo goe kpɔ eye mebu be miayi aʋa kpli mí ke nye aʋafiawo melɔ̃ ɖe edzi o.


Ale wogayɔ du atɔ̃awo kplɔlawo ƒo ƒui eye woɖe kuku na wo be woaɖo Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖe eƒe dukɔ Israel ale be dua me tɔwo katã mava ku o. Dɔ la de asi amewo léle me ale vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le dua me.


Esi ameawo dze si nu si de asi dzɔdzɔ ɖe wo dzi la, wodo ɣli be, “Míagate ŋu ana Israel ƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la naganɔ afi sia o, elabena eƒe asi sẽ ɖe míawo ŋutɔ kple míaƒe mawu Dagon siaa dzi.”


Filistitɔwo yɔ woƒe nunɔlawo kple afakalawo ƒo ƒui eye wobia wo be, “Nu ka tututu míawɔ tso Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu? Nunana ka ƒomevi míatsɔ akpe ɖe eŋu ne míegbugbɔe yi Israelviwo ƒe anyigba dzi?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa