Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 5:12 - Agbenya La

12 Ame siwo meku haɖe o la nɔ dɔ lém kutɔkutɔe, ale du la ƒe avifafa de dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Amesiwo meku o la, ƒoƒoe te wo, eye du la ƒe ɣli de dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 5:12
9 Mawu Ofanana  

Yehu awu ame sia ame si asi le Hazael ƒe yi nu eye Elisa awu ame sia ame si asi le Yehu ƒe yi nu.


Farao kple eƒe aɖaŋudelawo kple Egiptetɔwo katã fɔ le zã ma me. Avifafa nɔ Egiptenyigba blibo la dzi, elabena aƒe aɖeke menɔ anyi esi me ame meku le o.


“Yuda le nu xam, eƒe duwo le fukpekpe me, wole avi fam le anyigba la ta eye Yerusalem ƒe ɣli le dzi dem.


Mi alẽkplɔlawo, mifa avi, mido ɣli, mimli le ke me, mi alẽha ƒe kplɔlawo. Elabena miaƒe ɣeyiɣi de, be woawu mi, miadze anyi agbã gudugudu abe tɔmedeze ene.


Se ɣli si le ɖiɖim tso Horonaim ɖa, enye tsɔtsrɔ̃ gã kple gbegblẽ ƒe ɣli.


Le ŋkeke ma dzi la, mianɔ abe ame si si le dzata nu ɖake ɖe sisiblisi ŋuti la ene, eye esi wòƒu du ɖo aƒe me heziɔ ɖe gli ŋuti la, da ɖui.


Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣleti adre.


“Le etsɔ si gbɔna ƒe ɣe aleawo ɣi la, maɖo ame aɖe ɖe wò tso Benyamin ƒe anyigba dzi. Si ami nɛ ne wòazu Israelviwo ƒe kplɔla. Eyae aɖe wo tso Filistitɔwo si me elabena mekpɔ nublanui na wo eye mese woƒe ɣlidodo.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa