Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 4:21 - Agbenya La

21 Ena ŋkɔ ŋutsuvi la be, “Ikabod” si gɔmee nye “Israel ƒe ŋutikɔkɔe nu tso.” Elabena woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye srɔ̃a kple toa siaa ku.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye wòna ŋkɔ ɖevi la bena Ikabod hegblɔ bena: Ŋutikɔkɔe dzo le Israel, elabena woxɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye toa kpakple srɔ̃a woku.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 4:21
12 Mawu Ofanana  

Wotsɔ woƒe Ŋutikɔkɔe ɖɔli nyitsu si ɖua gbe.


O! Yehowa, melɔ̃ aƒe si me nèle, afi si wò ŋutikɔkɔe le.


Eɖo nubablaɖaka si nye eƒe ŋusẽ la ɖe aboyome, eye wòtsɔ eƒe atsyɔ̃nu de asi na futɔ la.


Wotsɔ woƒe nunɔlawo de asi na yi, eye avi bu ɖe woƒe ahosiwo.


Ɖe dukɔ aɖe ɖɔli eƒe mawuwo kpɔa? Evɔ menye mawuwoe wonye hafi o; gake nye dukɔ tsɔ woƒe ŋutikɔkɔe ɖɔli legba maɖinuwoe.


Aleke Aƒetɔ la tsɔ eƒe dzikulilikpo tsyɔ Zion vinyɔnu dzi nye esi! Etsɔ Israel ƒe atsyɔ̃ tso dziƒo xlã ɖe anyigba dzi eye meɖo ŋku eƒe afɔɖodzinu dzi le eƒe dzikudogbe o.


eye ne viwòwo tsi la, maxɔ wo le asiwò, atsrɔ̃ wo. Baba na mi, ne metrɔ dzo le mia gbɔ. Anye blanuiléle ƒe ŋkeke.


Nunɔla Ahiya si do akɔtawui hã nɔ ameawo dome. Ahiya nye Ahitub, Ikabod nɔvi ƒe vi, eganye Finehas ƒe tɔgbuiyɔvi eye Finehas fofoe nye Eli, Yehowa ƒe nunɔla le Silo. Ke ame aɖeke menya be Yonatan yi o.


“ ‘Azɔ nu si ava dzɔ ɖe viwò ŋutsu eveawo, siwo nye Hofni kple Finehas dzi anye dzesi na wò; wo ame evea katã woaku le ŋkeke ɖeka dzi.


Mawɔ nu dziŋɔ siwo katã ŋu meƒo nu tsoe na Eli.


Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wowu Hofni kple Finehas gbe ma gbe.


Egblɔ be, “Israel ƒe ŋutikɔkɔe nu tso elabena woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa