Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 4:18 - Agbenya La

18 Esi ame dɔdɔ la gblɔ nya si dzɔ ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la dzi ko la, Eli mu le eƒe zikpui dzi, dze anyi ɖe megbe le eƒe agbo la nu. Etɔ kɔ anyi eye wòku elabena etsi eye wònye ame lolo hã. Edrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe blaene hafi ku.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Esi wose Mawu ƒe aɖaka ŋkɔ la, emũ tso eƒe zikpui dzi ŋedze ɖe agbo la nu, eye wòtɔ kɔ heku; elabena ame tsitsi wònye, eye kpekpe le eŋu. Edrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe blane sɔŋ.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 4:18
15 Mawu Ofanana  

O! Yehowa, melɔ̃ aƒe si me nèle, afi si wò ŋutikɔkɔe le.


Nye ƒuwo le veve sem, eye nye ketɔwo le alɔme ɖem le ŋunye, le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be, “Afi ka wò Mawu la le?”


Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli, evɔ amewo le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be, “Afi ka wò Mawu la le?”


Elabena lɔlɔ̃ na wò aƒe zu dzo ge ɖe menye, eye ame siwo dzu wò la ƒe dzudzu va dzinye.


Tete Mose gblɔ na Aron be, “Esiae Yehowa gblɔ esi wògblɔ be, ‘Maɖe ɖokuinye afia ame siwo tena ɖe ŋutinye la kɔkɔe eye woade bubu ŋunye le amewo katã ŋkume.’ ” Eye Aron zi ɖoɖoe kpoo.


Samson nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel le ƒe blaeve siwo kplɔ nya siawo ɖo la me, ke Filistitɔwo gaɖu Israelnyigba la dzi kokoko.


Eli nɔ lalam le mɔto be yease nya aɖe tso aʋa la ŋu elabena etsi dzimaɖeɖi ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la ƒe dedinɔnɔ ŋu. Esime ame dɔdɔ la tso aʋagbedzi va gblɔ nya si dzɔ la, ameawo fa avi hoo le du blibo la me.


Ame dɔdɔ la ɖo eŋu be, “Woɖu Israelviwo dzi eye wowu Israelvi geɖewo, wowu viwò eveawo, Hofni kple Finehas hã eye woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la hã.”


Esi Eli ƒe toyɔvi, Finehas srɔ̃, ame si nye funɔ la se be woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye ye srɔ̃, Finehas kple ye to, Eli ku la, fu de asi eɖuɖu me enumake.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa