Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 4:10 - Agbenya La

10 Ale Filistitɔwo wɔ aʋa kple ŋusẽ eye wogaɖu Israelviwo dzi. Wowu Israelvi akpe blaetɔ̃ gbe ma gbe eye agbetsiawo si yi woƒe agbadɔwo me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Filistitɔwo wɔ aʋa la, eye wosi Israel, ale be wo dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me; woɖu dzi gãa ɖe, eye afɔzɔla akpe blaetɔ̃ tsi le Israel ŋu.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 4:10
19 Mawu Ofanana  

Woda Absalom ƒe kukua ɖe do globo aɖe me le avea me eye woli kɔ kpe geɖewo ɖe edzi. Israel ƒe aʋawɔlawo si yi woƒe aƒewo me.


David ƒe amewo ɖu Israel ƒe aʋakɔ la dzi. Wowu ame akpe blaeve (20,000) sɔŋ le Israelviwo dome gbe ma gbe.


Fia la tso eye wòyi ɖanɔ dua ƒe agbonu. Esi amewo se be, “Fia la nɔ anyi ɖe dua ƒe agbonu” la, wo katã va ƒo ƒu ɖe eŋu. Le ɣeyiɣi sia me la, Israel ƒe aʋawɔlawo katã ka hlẽ: ame sia ame yi eya ŋutɔ ƒe aƒe me.


Seba nye yakame aɖe eye wòganye Bikri, Benyamintɔ la ƒe vi. Eku kpẽ eye wòdo ɣli be, “Migbugbɔ le David yome! Migadze eyome o, Israel ŋutsuwo, mina míadzo: menye míaƒe fiae o!”


Esi Israel katã kpɔ be fia la gbe toɖoɖo yewo la, woɖo eŋu na fia la be, “Gomekpɔkpɔ kae le mía si le David me eye domenyinu kae míaxɔ tso Yese vi la gbɔ? Oo Israel, miyi miaƒe agbadɔwo me! Oo David, kpɔ wò ŋutɔ wò aƒe gbɔ!” Ale Israelviwo dzo yi aƒe me.


Esime ɣe nɔ to ɖom la, amewo do ɣli le aʋakɔ la me be, “Ame sia ame nesi yi eƒe du me, ame sia ame nesi ayi eƒe anyigba dzi!”


Ke Israel si Yuda eye eƒe aʋakɔ katã si yi aƒe.


eye Abiya kple eƒe dukɔ la wu Israel ƒe aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa atɔ̃ (500,000) gbe ma gbe.


Ke Israel si Yuda eye eƒe aʋakɔ katã si yi aƒe.


Togbɔ be aŋutrɔwo le Efraimtɔwo si hã la, wotrɔ megbe si dzo le aʋakpegbe.


“Mitso azɔ ne miayi ɖe Silo afi si mewɔ nɔƒe ɖo zi gbãtɔ na nye Ŋkɔ, ne miakpɔ ale si mewɔe le nye dukɔ, Israel ƒe nu tovo wɔwɔ ta.


“Maɖe ŋku atɔ mi; miasi le miaƒe futɔwo nu. Ame siwo lé fu mi la aɖu mia dzi. Gawu la, miade asi sisi me, togbɔ be ame aɖeke manɔ mia nyam o hã!


“Ne màɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o, eye màwɔ ɖe eƒe se kple ɖoɖo siwo mexlẽ na wò egbea dzi o la, Mawu ƒe fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò.


“Yehowa ana wò futɔwo naɖu dziwò. Wò aʋakɔ aƒo ƒu azɔ ayi aʋa, ke atɔtɔ, aka ahlẽ le futɔwo ŋkume, eye nàtsa tsaglalã le anyigbadzidukɔwo dome.


Yehowa gblɔ na Samuel be, “Mele nu dziŋɔ aɖe wɔ ge le Israel.


Filistitɔwo ɖu Israelviwo dzi; wowu Israelvi akpe ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa