Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 31:8 - Agbenya La

8 Esi ŋu ke eye Filistitɔwo yi be woaɖe nuwo le Israel ƒe ame kukuwo ŋu la, wokpɔ Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ƒe kukuawo le Gilboa to la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Esi ŋu ke la. Filistitɔwo va nu ɖe ge le ame tsiaʋawo ŋu, eye wokpɔ Saul kple viaŋutsu etɔ̃awo le Gilboa-to la dzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 31:8
7 Mawu Ofanana  

“Migagblɔe le Gat o; migaɖe gbeƒãe le Askelon ƒe ablɔwo dzi o. Ne menye nenema o la, Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo akpɔ dzidzɔ eye bolotɔwo ƒe vinyɔnuwo atso aseye.


“Oo, mi Gilboa towo, zãmu alo tsi magadza ɖe mia dzi o, eye miaƒe anyigbawo magawɔ nuku o. Elabena afi ma, wodo gu kalẽtɔ ƒe akpoxɔnu le, Saul ƒe akpoxɔnu le abe ɖe womegasi ami ɖe eŋu o ene.


Esi ŋu ke eye Filistitɔwo yi be woaɖe nuwo le Israel ƒe ame kukuwo ŋu la, wokpɔ Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ƒe kukuawo le Gilboa to la dzi.


Fia Yehosafat kple eƒe amewo yi ɖaha nuwo le ame kukuawo ŋu. Wokpɔ ga, awuwo kple kpe xɔasi geɖewo ɖe le wo ŋu ale gbegbe be wotsɔ ŋkeke etɔ̃ sɔŋ lɔ afunyinuawo!


Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sunem, ke Saul ƒo Israel blibo la nu ƒu eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilead.


Esi Israelvi siwo le balime la godo kple esiwo le Yɔdan tɔsisi la godo se be yewo nɔviwo si eye wowu Saul kple via ŋutsuawo la, wosi le woƒe duwo me eye Filistitɔwo va nɔ duawo me.


Woɖe Saul ƒe aʋawu le eŋu, tso ta le enu eye wotsɔ eƒe ta kple aʋawɔnu fia amewo le woƒe anyigba dzi godoo. Wotso aseye le dzidzɔnya sia ŋuti le woƒe legbawo kple dukɔmetɔwo ŋkume.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa