Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 31:7 - Agbenya La

7 Esi Israelvi siwo le balime la godo kple esiwo le Yɔdan tɔsisi la godo se be yewo nɔviwo si eye wowu Saul kple via ŋutsuawo la, wosi le woƒe duwo me eye Filistitɔwo va nɔ duawo me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Esi Israel-ŋutsu, siwo le bali la ƒe go keme kple Yordan ƒe go keme dzi, kpɔ bena, Israel-ŋutsuwo si, eye Saul kple viaŋutsuwo ku la, wogblẽ woƒe duwo ɖi hesi, eye Filistitɔwo va nɔ wo me.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 31:7
8 Mawu Ofanana  

Ɛ̃, mana miaƒe anyigba nazu gbegbe, miaƒe futɔwo axɔ miaƒe anyigba, eye woƒe nu aku le nu si mewɔ mi la ta.


“Mana woaɖe aboyo ame siwo aganɔ agbe la ayi didiƒenyigbawo dzi abe aʋaléleawo kple kluviwo ene. Woanɔ afi ma kple dzodzo nyanyanya ɣe sia ɣi. Ne ya ƒo aŋugba la, eƒe gbeɖiɖi ana woasi abe ame aɖee le wo nyam kple yi ene. Woadze anyi le esime ame aɖeke mele wo nyam o.


Didiƒe dukɔ aɖe si ƒe ŋkɔ mèse kpɔ gɔ̃ hã o la aɖu wò agblemenuku siwo nèƒã kple kutrikuku geɖe. Woate wò ɖe anyi, eye woafiti wò ɣe sia ɣi.


Midiantɔwo ƒe asi sẽ ɖe Israelviwo dzi ale gbegbe be Israelviwo wɔ bebeƒewo na wo ɖokuiwo ɖe towo tome, agadowo me kple sitsoƒewo.


Esi Israel ŋutsuwo kpɔ xaxa gã si me wonɔ kple ale si womimi woƒe aʋakɔ la ɖoe la, wosi yi ɖaɣla ɖe agadowo, avekɔewo, kpewo tome kple ʋewo me kple vudo siwo me tsi menɔ o la me.


Hebritɔ aɖewo gɔ̃ la tso Yɔdan tɔsisi la eye wosi yi Gad kple Gileadnyigbawo gɔ̃ hã dzi. Saul ya tsi Gilgal eye aʋakɔ siwo nɔ eŋu la dzo nyanyanya le vɔvɔ̃ ta.


Ale Saul, eƒe akpoxɔnutsɔla, Via ŋutsu etɔ̃awo kple eƒe aʋawɔlawo ku le ŋkeke ɖeka ma dzi.


Esi ŋu ke eye Filistitɔwo yi be woaɖe nuwo le Israel ƒe ame kukuwo ŋu la, wokpɔ Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ƒe kukuawo le Gilboa to la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa