Ke esi wònɔ afi ma la, eɖo ŋkutsalawo ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe me be woagblɔ na amewo be; “Ne miese kpẽwo ƒe ɖiɖi ko la, mianya be wotsɔ Absalom ɖo fiae le Hebron.”
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, David bia Yehowa be, “Mayi Yuda duawo dometɔ ɖeka mea?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi.” David gabiae be, “Du ka mee mayi?” Yehowa ɖo eŋu be, “Yi Hebron.”
Yehowa gblɔ na Yosua be wòatsɔ Yuda ƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Kaleb, Yefune ƒe vi la. Ale wotsɔ Arba du si wogayɔna be Hebron, du si wotsɔ Anak fofo ƒe ŋkɔ na la na Kaleb.