1 Samuel 30:26 - Agbenya La26 Esi wova ɖo Ziklag la, David ɖo afunyinu siwo woha la ƒe akpa aɖe ɖe Yuda ƒe ametsitsiwo. Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu be, “Esiawo nye nunana siwo mele ɖoɖom ɖe mi tso afunyinu siwo mekpɔ tso Yehowa ƒe futɔwo gbɔ la me.” Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191326 Esi Dawid gbɔ va Ziklag la, eɖo aboyonuawo ƒe ɖewo ɖe Yuda-ame tsitsiwo, siwo nye xɔlɔ̃awo la bena: Kpɔ ɖa, mixɔ nunana tso Yehowa ƒe futɔwo ƒe aboyonuwo me! Onani mutuwo |
Gbe ɖeka la, Saul gblɔ na David be, “Mele klalo be matsɔ vinyenyɔnu tsitsitɔ, Merab, na wò, wòazu srɔ̃wò. Ke gbã la, ele be nàfia ɖokuiwò abe aʋawɔla nyui aɖe ene to Yehowa ƒe aʋawo wɔwɔ me.” Saul gblɔ alea elabena ebu le eɖokui me be, “Maɖoe ɖa wòawɔ aʋa kple Filistitɔwo eye mana woawui; esia anyo wu be nye ŋutɔ mawui.”