Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 30:23 - Agbenya La

23 Ke David gblɔ be, “Ao, nɔvinyewo, manyo nenema o! Yehowa na míele dedie eye míeɖu míaƒe futɔwo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ke Dawid gblɔ bena: Nɔvinyewo, migawɔ alea o! Yehowae tsɔ nu siawo na mi, ekpɔ mia ta, eye wotsɔ adzoha, siwo va dze mía dzi la, de asi na mí.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 30:23
16 Mawu Ofanana  

ɖaɖe kuku na wo be, “Nɔvinyewo, migawɔ nu baɖa sia tɔgbi o.


Esia ta wòsa vɔ na eƒe ɖɔ, eye wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ na eƒe asabu, elabena eƒe ɖɔe na wòle agbe vivi ɖum eye nuɖuɖu damiwo le eƒe akɔme.


“Fofonyewo kple nɔvinyewo, to kukuɖeɖe me, miɖo tom ne maɖe ɖokuinye nu miase.”


Stefano ɖo eŋu be, “Nɔviwo kple fofowo miɖo tom. Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ŋutɔ ɖe eɖokui fia mía tɔgbui Abraham le esime wònɔ Mesopotamia hafi wòva yi Haran.


Ne mieɖu nu ɖi ƒo la, mikafu Yehowa, mia Mawu la le anyigba nyui si wòna mi la ta.


Ewɔ esia, ale be miabu ɣe aɖeke ɣi be miawo ŋutɔ miaƒe ŋusẽ mee mieto zu hotsuitɔwo o.


Miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be Yehowa, miaƒe Mawu la na ŋutete mi be miazu hotsuitɔwo. Ena miezu hotsuitɔwo be yeawɔ ɖe ŋugbe si yedo na mia fofowo la dzi.


Aƒea tɔ do ɖe wo ŋuti eye wògblɔ na wo be, “Ao, xɔ̃nyewo, migawɔ nu vɔ̃ɖi sia o. Esi ŋutsu sia nye nye amedzro ta la, migawɔ ŋukpenanu sia ɖe eŋuti o.


Yehowa ɖoa ahedada ɖa eye eya kee gaɖoa hokpɔkpɔ ɖa; eyae bɔbɔa ame ɖe anyi eye eya kee gadoa ame ɖe dzi.


Ke gbevu aɖewo nɔ ame siwo de ɖawɔ aʋa la dome gblɔ be, “Ame siawo mede aʋa la kpli mí o eya ta womaxɔ afunyinuwo dometɔ aɖeke o. Ɖe asi le wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu na wo eye nàna woadzo.”


Ame kae alɔ̃ ɖe nya si gblɔm miele la dzi? Míama nuawo eye míama wo sɔsɔe, na ame siwo wɔ aʋa la kple ame siwo dzɔ míaƒe nuwo ŋu.”


David bia Yehowa be, “Mati wo yomea? Mate ŋu alé woa?” Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, dze wo yome; àxɔ miaƒe nu sia nu si wotsɔ dzoe la le wo si!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa