Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 3:6 - Agbenya La

6 Yehowa gayɔe ake be, “Samuel! Samuel!” Samuel gafɔ eye wògaƒu du yi Eli gbɔ. Egagblɔ be, “Nye aƒetɔ, nu ka mawɔ na wò?” Eli gblɔ be, “Vinye, nyemeyɔ wò o, yi nàmlɔ anyi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke Yehowa gayɔ Samuel. Tete Samuel fɔ yi Eli gbɔ gblɔ bena: Nyee nye si, elabena eyɔm. Eɖo ŋu bena: Vinye, nyemeyɔ wò o, gbugbɔ yi ɖamlɔ anyi!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 3:6
6 Mawu Ofanana  

Ekpɔ dadavia, Benyamin dũu, eye wòbia be, “Mia nɔvi suetɔ si ƒe nya miegblɔ nam lae nye esia?” Egblɔ na Benyamin be, “Vinye, èfɔa? Mawu nave nuwò.”


Ke Zadok vi Ahimaaz gagblɔ na Yoab be, “Ne nu sia nu le dzɔdzɔm hã la, maƒu du adze Kusitɔ la yome.” Yoab ɖo eŋu be, “Vinye, nu ka ta nèdzi be yeayi ɖo? Nya bubu aɖeke megali míagblɔ aɖo ɖe o eye ame aɖeke mele dɔtsɔho xe ge na wò o.”


Eɖo afi ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo kɔ ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba dzi vɛ o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wò dzi nedze eme, elabena wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”


Efɔ eye wòƒu du yi Eli gbɔ hegblɔ be, “Nyee nye esi, nu ka mawɔ na wò?” Eli gblɔ nɛ be, “Vinye, nyemeyɔ wò o, yi ɖamlɔ anyi.” Ale wòtrɔ yi ɖamlɔ anyi.


Samuel medze si Yehowa haɖe o eye Yehowa meƒo nu nɛ kpɔ haɖe hã o.


Ame dɔdɔ la gblɔ na Eli be, “Mede aʋagbe la dzi egbe, fifi laa koe mesi trɔ gbɔ.” Eli biae be, “Nu kae dzɔ, Vinye ɖe?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa