Israel gblɔ na Yosef be, “Abe ale si nènyae ene la, nɔviwòwo le alẽawo dzi kpɔm le teƒe si te ɖe Sekem ŋu. Va madɔ wò ɖe nɔviwòwo gbɔ.” Yosef ɖo eŋu be, “Enyo.”
Boaz gblɔ na Rut be, “Vinye, ɖo tom; mègayi ɖafɔ nuku siwo nuxalawo gblẽ ɖi la le agble bubu aɖeke me o, eye mègadzo le afi sia hã o. Lé ɖokuiwò ɖe nye dɔlanyɔnuwo ŋu.