Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 3:13 - Agbenya La

13 Metsɔ tohehe do ŋgɔ na Eli kple eƒe ƒome blibo la elabena viawo le busunuwo wɔm ɖe Mawu ŋu eye Eli megbe na wo o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Megblɔ nɛ be, mahe to na eƒe aƒe la kokoko le eƒe vodada ta, elabena enyae bena, viawo wo busunu gake megbe na wo o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 3:13
17 Mawu Ofanana  

Azɔ fofoa, David, mehe nya ɖe eŋu kpɔ alo he to nɛ kpɔ le eƒe agbe me o. Enye ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe eye eyae dzɔ ɖe Absalom yome.


“Nya kae le asiwò le nu vɔ̃ɖi siwo katã nèwɔ ɖe fofonye, Fia David, ŋu la ta? Yehowa nabia hlɔ̃ wò


Oo míaƒe Mawu, màxe mɔ na wo oa? Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ sesẽ sia nu o. Míenya nu si míawɔ o eya ta míele wò asinu kpɔm.”


He to na viwò ŋutsuvi elabena eya mee mɔkpɔkpɔ le; ke mègakpe ɖe ame siwo le eƒe ku dim la ŋuti o.


Ameƒoti si wotsɔna ɖɔa ame ɖoe la fiaa nunya ame, gake ɖevi si womehe o la dea ŋukpe mo na dadaa.


Wò ŋutɔ ènya zi geɖe siwo nèƒoa fi dea amewoe!


Eya ta Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “O! Israel ƒe aƒe, esia ta madrɔ̃ ʋɔnu mi, ame sia ame ɖe eƒe mɔwo nu. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋuti, ekema nu vɔ̃ manye miaƒe anyidzedze o.


Nuwuwu la va mia dzi azɔ, eye mana nye dɔmedzoe nabi ɖe mia ŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu, eye mahe to na mi katã ɖe miaƒe ŋunyɔnuwɔnawo ta.


“Miƒo dukɔwo nu ƒu; mikplɔ wo va Yehosafat ƒe Balimee, afi ma manɔ adrɔ̃ ʋɔnu wo katã.


“Nenye be mielɔ̃ mia dadawo kple mia fofowo tsɔ wum la, ekema miedze be mianye tɔnyewo o, nenema ke ne mielɔ̃ mia vinyɔnuwo kple mia viŋutsuwo tsɔ wum la, miedze be mianye tɔnyewo o.


Ne ame si ŋu wotsɔ nya la ɖo gbe be yemaxɔ nunɔla la alo ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa Mawu ɖo na nyadɔdrɔ̃ la ƒe nyametsotso o la, nu si woawɔe koe nye be woawui. Ele be woaɖe nu vɔ̃ wɔla siawo tɔgbi ɖa le Israelviwo dome.


“Ne viŋutsu sẽto, dzeaglã aɖe le ŋutsu aɖe si, meɖoa to fofoa kple dadaa o, togbɔ be wohea to nɛ hafi hã la,


ɣe sia ɣi si míaƒe dzitsinya bu fɔ mí, elabena Mawu lolo wu míaƒe dziwo, eye wònya nu sia nu.


Azɔ Eli viŋutsuwo nye nu tovo wɔlawo, ame siwo mevɔ̃a Yehowa


Ale ɖekakpui siawo ƒe nu vɔ̃ tri akɔ le Yehowa ƒe ŋkume elabena wodoa vlo ameawo ƒe vɔ siwo wosana na Yehowa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa