Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 3:11 - Agbenya La

11 Yehowa gblɔ na Samuel be, “Mele nu dziŋɔ aɖe wɔ ge le Israel.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Tete Yehowa gblɔ na Samuel bena: Kpɔ ɖa, mele nane wɔ ge le Israel, eye amesiame, si asee la, ƒe toawo kple eve me aɖi yeŋ!

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 3:11
11 Mawu Ofanana  

Yehowa, Israel ƒe Mawu be mahe dzɔgbevɔ̃e va Yerusalem kple Yuda dzi ale gbegbe be ame sia ame si ase nu tso dzɔgbevɔ̃e sia ŋu la ƒe to me aɖi yeŋ kple vɔvɔ̃.


Mɔkpɔkpɔ be yeate ŋu aɖu edzi nye beble elabena ne èkpɔe teti gɔ̃ hã la, ŋɔ adzi wò.


Zi ale si nu wòva la, zi nenema ke wòakplɔ mi adzoe. Tso ŋdi yi ŋdi, le ŋkeke me kple zã me, ava ato mia dzi ayi.” Gbedeasi sia gɔmesese ɖeɖe ahe ŋɔdzi vɛ.


eya ta magana ame siawo ƒe mo nagawɔ yaa kple nukunuwo ƒe nukunu. Nunyalawo ƒe nunya nu ava ayi, eye gɔmesese abu ɖe nugɔmeselawo.”


Gblɔ be, ‘Mise Yehowa ƒe nya. O mi Yuda fiawo kple Yerusalem nɔlawo, ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖo to afii! Mele gbegblẽ he ge ava teƒe sia eye ame sia ame si ase nya sia la ƒe towo me aɖi yeeŋ.


Yehowa ɖo eŋu nam be, “Nɔ ŋku lém ɖe dukɔ siwo ƒo xlã wò la ŋuti eye nu si nàkpɔ la awɔ nuku na wò. Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me esi ne wogblɔe na wò la màxɔe ase o.


Ame geɖewo abu mɔkpɔkpɔ le vɔvɔ̃ ku ɖe nu dziŋɔ siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe anyigba sia dzi ta, elabena ŋusẽ siwo le dziƒo la hã aʋuʋu.


Wogblɔe be, “ ‘Mi ame siwo doa vlo nyateƒe la, mike ŋku ɖi miakpɔ nu ʋuu va se ɖe esime miatsrɔ̃. Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me esi ne wogblɔe na wò la màxɔe ase o.’ ”


Yehowa gayɔe abe tsã ene be, “Samuel! Samuel!” Samuel ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, ƒo nu, wò dɔla le to ɖom.”


Ale Filistitɔwo wɔ aʋa kple ŋusẽ eye wogaɖu Israelviwo dzi. Wowu Israelvi akpe blaetɔ̃ gbe ma gbe eye agbetsiawo si yi woƒe agbadɔwo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa