Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 3:1 - Agbenya La

1 Samuel, ɖevi sue la, nɔ Yehowa subɔm to kpekpe ɖe Eli ŋu me. Le ɣe ma ɣi me la, ƒãa hafi Yehowa naƒo nu na amegbetɔ eye ŋutegakpɔkpɔ hã mebɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Samuel ɖevi la subɔ Yehowa le Eli gbɔ. Ɣemaɣi la Yehowa meƒoa nu enuenu o, eye ŋutega kpɔkpɔ mebɔ o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 3:1
11 Mawu Ofanana  

Womegawɔa nukunu aɖeke na mí o; womegblẽ nyagblɔɖila aɖeke ɖi o eye mía dometɔ aɖeke menya ɣeyiɣi si nu sia nu ava yi o.


Afi si ɖeɖefia mele o la, amewo wɔa woƒe lɔlɔ̃nu; ke woayra ame si léa sea me ɖe asi.


Mana amegbetɔwo nave wu sika nyuitɔ, eye amegbetɔ kodzogbeawo hã ave wu sika si tso Ofir.


Dzɔgbevɔ̃e akplɔ dzɔgbevɔ̃e ɖo, eye ŋɔdzinya adze ŋɔdzinya yome. Ana woadze agbagba be yewoaxɔ ɖeɖefia tso nyagblɔɖilawo gbɔ, nunɔlawo ƒe sewo fiafia kple ametsitsiwo ƒe nufiame maganɔ anyi o.


Ale Elkana yi aƒe me le Rama, ke ɖevi la subɔ le Yehowa ŋkume le nunɔla Eli ƒe kpɔkplɔ te.


Ke Samuel ya subɔna le Yehowa ŋkume, enye ɖevi si doa aklala biɖibiɖi ƒe kɔmewu.


Maɖo nunɔla nuteƒewɔla na ɖokuinye ame si awɔ ɖe nu si meɖo ɖe nye dzi me kple ta me la dzi. Mali ke eƒe aƒe la sesĩe eye wòasubɔ le nye amesiamina la ƒe ŋkume ɖaa.


Ekema ame sia ame si susɔ ɖe wò ƒome la me ava de ta agu ɖe eŋkume abia klosaloga ɖeka alo abolo kakɛ aɖe kple kukuɖeɖe be, “De nunɔla ƒe dɔ aɖe asi nam ale be mate ŋu akpɔ nu vi aɖe aɖu.” ’ ”


Samuel nɔ anyimlɔƒe va se ɖe ŋdi. Eʋu gbedoxɔ la ƒe ʋɔtru abe ale si wòwɔna ɖaa ene, ke enɔ vɔvɔ̃m be yeagblɔ nya si Yehowa gblɔ nɛ la na Eli.


Yehowa gaɖea eɖokui fiana le Silo. Eɖe eɖokui fia Samuel eye wòƒo nu nɛ le afi ma. Ne Samuel ƒo nu la, Israel blibo la ɖoa toe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa