Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 29:3 - Agbenya La

3 Filistitɔwo ƒe aʋakplɔlawo bia be, “Nu ka wɔm Israelviwo le le afi sia?” Fia Akis gblɔ na wo be, “Ame siae nye David, Israel fia Saul ƒe subɔla ame si si le egbɔ. Ƒe aɖewo nye esi wòle gbɔnye eye nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu kpɔ tso esime wòva gbɔnye o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tete Filistitɔwo ƒe amegãwo gblɔ bena: Nuka dim Hebritɔ siawo le? Axis ɖo ŋu na Filistitɔwo ƒe amegãwo bena: Alo menye eya nye Dawid, Israel-fia Saul ƒe dɔla, si le gbɔnye ƒe eve enye si oa? Eye nyemekpɔ naneke le eŋu, tso esime wòva vaseɖe egbe o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 29:3
13 Mawu Ofanana  

Ame siwo si la dometɔ ɖeka va ka nya la ta na Abram, Hebritɔ la, esime wònɔ asaɖa me le Mamre si nye Amoritɔ la ƒe ati gãwo te. Mamre nye Eskol kple Aner, ame siwo nɔ Abram dzi la nɔvi.


Ŋutsu aɖewo tso Manase ƒe to la me ame siwo si va de David dzi esi wònɔ Filistitɔwo gbɔ be wòawɔ aʋa kple Saul. (Eya kple eƒe ameawo mekpe ɖe Filistitɔwo ŋu o elabena le aɖaŋudede megbe la, Filistitɔwo ƒe fiawo na wòtrɔ dzo. Wogblɔ be, “Woava tso ta le mía nu nenye be esi yi eƒe aƒetɔ Saul gbɔ.”)


Manase ƒe vi siwo va kpe ɖe David ŋu esi wòyi Ziklag la woe nye: Adna, Yozabad, Yediael, Mikael, Yozabad, Elihu kple Ziletai. Ame siawo katã nye ame akpewo nunɔlawo le Manase.


Mlɔeba la, ame siawo gblɔ be, “Míate ŋu akpɔ nutsotso aɖeke le ame sia, Daniel ŋu o, negbe ne nya la ku ɖe eƒe Mawu ƒe se ŋuti ko!”


Esi nunɔlagãwo kple woƒe asrafowo kpɔ Yesu la, wodo ɣli sesĩe be, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔ miyi ɖaklãe ɖe ati ŋu. Nye la, nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋuti o.”


Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Miwɔ nyui, ale be ame sia ame nate ŋu akpɔe be mienye nyateƒetɔwo le goawo katã me.


Ke miaƒe dzitsinya me nakɔ keŋkeŋ, ale be ame siwo ƒoa nu vlo le mia ŋuti le agbe nyui si nɔm miele le Kristo me ta la naɖu ŋukpe le woƒe ameŋugblẽnyawo ta.


Esi Filistitɔwo kpɔ wo wogbɔna la, wodo ɣli be, “Mikpɔ ɖa, Israelviwo le dodom le woƒe dowo me!”


Tsɔ vo si meda be medo dzi heva afi sia la kem. Yehowa aɖo eteƒe na wò kokoko, ana wò fiaɖuƒe nasu wò dzidzimeviwo si eye enu matso akpɔakpɔ o elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nèle eye dzɔgbevɔ̃e madzɔ ɖe dziwò le wò agbemeŋkekewo katã me o.


Ale David nɔ bubum le eɖokui me be, “Gbe ɖeka la, Saul ƒe asi asu dzinye. Mate Filistitɔwo domenɔnɔ kpɔ va se ɖe esime Saul nadzudzɔ yonyemetiti. Ekema maganɔ dedie.”


David kple eƒe amewo nɔ Ziklag le Filistitɔwo dome, ƒe ɖeka kple ɣleti ene.


Ale Fia Akis yɔ David kple eƒe amewo eye wògblɔ na wo be, “Metsɔ Yehowa ka atam be miawoe nye ame nyuitɔ siwo medo goe kpɔ eye mebu be miayi aʋa kpli mí ke nye aʋafiawo melɔ̃ ɖe edzi o.


Filistitɔwo bia be, “Nya kae le dzɔdzɔm? Nu ka ɣlie le ɖiɖim bobobo nenema le Hebritɔwo ƒe asaɖa me?” Esi wogblɔ na wo be Yehowa ƒe nubablaɖaka lae va ɖo tae la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa