Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 28:7 - Agbenya La

7 Ale Saul gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Midi nyɔnu aɖe si nye ŋɔliyɔla la nam, ale be mayi egbɔ aɖabia nu.” Dɔlawo gblɔ nɛ be, “Ŋɔliyɔla aɖe le Endor.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete Saul gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Midi nyɔnua ɖe, si me ŋɔliyɔgbɔgbɔ le la nam, ne mayi egbɔ aɖabia nui ase. Eƒe dɔlawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, nyɔnu ŋɔliyɔlaa ɖe le En-Dor.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 28:7
13 Mawu Ofanana  

Elisa mekpɔ ɖe nu le nya sia me hafi ame dɔdɔ la va do o. Fia la hã va do! Fia la gblɔ be, “Yehowae he dzɔgbevɔ̃e siawo katã vɛ. Nu ka ta makpɔ mɔ na kpekpeɖeŋu aɖe tso egbɔ?”


Saul ku le eƒe tomaɖomaɖo Yehowa kple ale si wòyɔ ŋɔli bia gbee se ta.


ame siwo tsrɔ̃ le Endor, eye wole abe gbeɖuɖɔ ene le anyigba.


Dzi aɖe le Egiptetɔwo ƒo, eye matɔtɔ woƒe ɖoɖowo. Woayi aɖabia nu le legbawo, ŋɔligbɔgbɔwo, ŋɔliyɔlawo kple afakalawo gbɔ.


“ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ dede me o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.


Elabena azãgbe li na ɖeɖefia la elabena eƒo nu tso nuwuwu si le vava ge la ŋuti eye mada le edzi o; ke ne ehe ɖe megbe hã la, lalae elabena ava eme godoo, mada le edzi o.


Gbe ɖeka la, esi míenɔ mɔ dzi yina gbedoɖaƒe le tɔa to la, míedo go dɔlanyɔnuvi aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ, eye wòtea ŋu kaa nu na amewo, eye to esia me wòwɔa ga geɖe ŋutɔ na eƒe aƒetɔ, elabena kluvi wònye.


busudoamela, adzetɔ, nukala kple ŋɔliyɔla o.


Wotsɔ Bet Sean, Ibleam, Dor, Endor, Taanak Megido afi si to etɔ̃ nɔ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la na Manase ƒe viwo ƒe to afã togbɔ be wonɔ anyigba siwo wona Isaka ƒe viwo kple Aser ƒe viwo dzi hã.


Azɔ la, Samuel ku eye Israel dukɔ blibo la fae, woɖii ɖe wo de le Rama. Fia Saul ɖe ŋɔliyɔlawo kple afakalawo katã ɖa le Israelnyigba la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa